Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 7:30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Eye le ƒe blane megbe la Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae le Sinai-tɔ la ƒe gbedzi le dzo ƒe aɖe me le ŋuve me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

30 “Le ƒe blaene megbe la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia Mose le gbedzi le teƒe aɖe si te ɖe Sinai to la ŋu. Mawudɔla la ɖe eɖokui fiae le gbe aɖe si nɔ bibim la me.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 7:30
24 Mawu Ofanana  

Tete wòtsi tre ɖu nu no nu, eye nuɖuɖu sia do ŋusẽe wòzɔ ŋkeke blane kple zã blane vaseɖe Mawu ƒe to Xoreb gbɔ.


Ena amegbetɔwo nɔ míaƒe ta me; míedze dzo kple tɔ me, ke nèɖe mí do go heyi ablɔɖe mee.


Eyome egblɔ be: Nyee nye fofowò ƒe Mawu, Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu. Tete Mose tsɔ nu tsyɔ mo, elabena ele Mawu kpɔkpɔ yɔm.


Mose xɔ ƒe blanyi, eye Aron xɔ ƒe blanyi vɔ etɔ̃, esime woƒo nu kple Farao.


Ne èto to me la, meli kpli wò, eye ne èto tɔsisiwo me la, womalé wò o. Ne èto dzo me, mamè wò o, eye dzo ƒe adewo mafiã wò o.


Esi woxaxa woɖo hã la, hiãa ɖeke menɔ anyi o, elabena dɔla, si me woɖea eɖokui fiana lena la, xɔ na wo; eɖe wo le eƒe lɔlɔ̃ kple eƒe tufafa ta, eye wòkɔ wo hetsɔ wo le blema ŋkekewo katã me.


Eye amegãwo, anyigba dzi nunɔlawo, aʋafiawo kple fia ƒe adaŋudelawo ƒo wo ɖokui nu ƒu, eye wode ŋku ɖe ŋutsuawo hekpɔ be, dzo mewɔ naneke ŋuli na wo o, eye woƒe taɖa mefiã o, naneke mewɔ woƒe awuwo o, eye dzo meʋẽ le wo ŋu o.


Kpɔ ɖa, mele nye dɔla dɔ ge ɖa, ne wòata mɔ le ŋgɔnye, eye Aƒetɔ, si ta biam miele la, ava eƒe gbedoxɔ me zi ɖeka kpoyi, kpɔ ɖa, nubabla ƒe dɔla, si ɖim miele la, le vava ge, Yehowa ye gblɔe.


Ke le ame kukuwo gome, bena woatsi tre la, ɖe miexlẽ le Mose ƒe agbalẽ la me, alesi Mawu ƒo nu nɛ le ŋuve la me bena: „Nyee nye Abraham ƒe Mawu kple Isak ƒe Mawu kpakple Yakob ƒe Mawu“ la o mahã?


Ke bena ame kukuwo atsi tre la, Mose hã gblɔe fia le ŋuve la gbɔ, esi wòyɔ Aƒetɔ la bena: „Abraham ƒe Mawu kple Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu.“


Ke esi ŋugbedodo ƒe ɣeyiɣi, si dzi Mawu kã ɖo na Abraham ɖo la, dukɔ la dzi, eye wosɔ gbɔ le Egipte,


Eye esi Mose kpɔe la, eƒe mo wo yaa le nukpɔkpɔ la ŋuti, ke esi wote ɖe eŋu, be yeakpɔe nyuie la, Aƒetɔ la ƒe gbe ɖi va: egbɔ bena:


„Nyee nye fofowòwo ƒe Mawu la, Abraham ƒe Mawu kple Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu la.“ Ke Mose dzo nyanyanya, eye medo dzi be, yeakpɔe nyuie o.


Mose sia, tsi gbe wogbe nu le gblɔ bena: „Amekae ɖo wò dziɖula kple ʋɔnudrɔ̃la la,“ eya Mawu do abe dziɖula kple ɖela ene to mawudɔla, si ɖe eɖokui fiae le ŋuvea me la ƒe asi dzi.


elabena Hagar enye Sinai-to la le Arabia, ke esɔ kple egbegbe Yerusalem; elabena eya kple viawo le kluvinyenye me.


kpakple anyigba dzi nu xɔasiwo woasɔ gbɔ! Eye amesi le ŋuvekɔe me la ƒe amenuveve ava Yosef ƒe ta dzi kple nɔviawo ƒe amegã ƒe dzodome.


Ke Yehowa ɖe miawo tso aŋɔɖakpo me le Egipte, bena mianye eya ŋutɔ ƒe dukɔ, abe alesi wòzu egbe siawo ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa