Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 7:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Eye esi ŋu gake la, eva ɖo ɖe wo dzi, le esime wole kɔ dam, eye wòlé avu wo gblɔ bena: „Ŋutsuwo, nɔviwò míenye! Nukaŋuti miele nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe mia nɔewo ŋu?“

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

26 Esi ŋu ke la, Mose gaɖi tsa yi etɔ Israelviwo gbɔ. Kasiaa, ekpɔ Israelvi dzidzi eve hã wonɔ dzre wɔm vevie. Mose te ɖe wo ŋu enumake be yealé avu le wo dome. Egblɔ na wo be, ‘Nɔviwo, menyo kura be miawo ɖeɖe mianɔ dzre wɔm alea o eya ta midzudzɔ, ne miawɔ ɖeka.’

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 7:26
12 Mawu Ofanana  

Tete Abram gblɔ na Lot bena: Megana dzre nanɔ mía kpli wò, nye lãnyilawo kple wò lãnyilawo dome o, elabena nɔviwo míenye.


Emegbe edo mɔ nɔviawo, eye hafi wòadze mɔ la, exlɔ̃ nu wo bena: Migawɔ dzre le mɔ dzi o!


Dawid ƒe mɔzɔha. Kpɔ ɖa, aleke mehenyo, eye wòvivinae, ne nɔviwo le afi ɖeka!


Nɔvi, si ŋu woda vo ɖo la, tri akɔ wu du sesẽ, eye dzrewɔwɔ le abe fiasã ƒe gametiwo ene.


Eye Yesu ƒoe ɖe nusrɔ̃lawo nu enumake bena, woaɖo nu adze ye ŋgɔ ayi go keme dzi, vaseɖe esime yeaɖe asi le amehawo ŋu.


eye wobu xa bena, nɔvia wo ase egɔme bena, Mawu ato yeƒe asi dzi ana ɖeɖe wo; ke womese egɔme o.


Azɔ la ne nuxɔxlɔ̃a ɖe li le Kristo me, ne lolo ƒe dziɖeƒonyaa ɖe li, ne gbɔgbɔ ƒe hadedea ɖe li, ne dɔmetɔtrɔa ɖe kple nublanuikpɔkpɔa ɖe li la,


migawɔ naneke le dzrewɔwɔ alo bubu dzodzro ta o, ke boŋ mia dome amesiame natso ɖokuibɔbɔ abu nɔvia gã wu ye ŋutɔ ɖokui;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa