Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 7:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Eye esi wòxɔ ƒe blane la, eɖo tame be, yeaɖakpɔ nɔvia Israel-viwo ɖa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 “Esi Mose xɔ abe ƒe blaene ene la, ewɔ susu gbe ɖeka be yeaɖi tsa aɖakpɔ ye nɔvi Israelviwo ɖa.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 7:23
18 Mawu Ofanana  

Mawu ƒe asi va Yuda hã dzi, eye wòna dzi ɖeka ŋugbee wo, be woawɔ fia kple amegãwo ƒe se la dzi le Yehowa ƒe nya nu.


Le Persia-fia Kores ƒe ƒe gbãtɔ me la — ne Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to Yeremya nu la, nava me — Yehowa nya Persia-fia Kores ƒe gbɔgbɔ, eye wòna woɖe gbe ƒã le eƒe fiaɖuƒe blibo la me, eye wòna woŋlɔ agbalẽ hã bena;


Tete Yuda kple Benyamin ƒe aƒekɔwo, nunɔlawo kple Lewi-viwo, amesiame, si ƒe gbɔgbɔ Mawu nyɔ la, tso be, yewoayi aɖatu Yehowa ƒe xɔ le Yerusalem.


Woakafu Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, si ɖe nusia dzi me na fia la, be wòaɖo atsyɔ̃ na Yehowa ƒe xɔ le Yerusalem,


Eye amesiame, si wòdzɔ dzi na, eye wòlɔ̃ kple dzi faa la, va dzɔ nu na Yehowa, bena woatsɔ awɔ Mawu ƒe agbadɔ la kple eŋu dowo katã kpakple awu kɔkɔeawoe.


Eye Israel-viwo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, amesiwo lɔ kple dzi faa la, tsɔ nunanawo vɛ na Yehowa, bena woatsɔ awɔ dɔ, si Yehowa de se na Mose, be wòawɔ la.


Eye Mose trɔ gbã va toa Yetro gbɔ, eye wògblɔ nɛ bena: Mele didim be, magbugbɔ aɖakpɔ nɔvinyewo ɖa le Egipte be, wogale agbe mahã? Yetro ɖo ŋu; na Mose bena. Heyi faa!


Mose xɔ ƒe blanyi, eye Aron xɔ ƒe blanyi vɔ etɔ̃, esime woƒo nu kple Farao.


Fia ƒe dzi le abe tɔʋu ene le Yehowa si me; afisi wòlɔ̃ la, eya wòkplɔnɛ yinae.


Ke ŋkekea ɖewo megbe la Paulo gblɔ na Barnaba bena: Azɔ na miagbugbɔ ayi aɖakpɔ nɔviawo ɖa le du sia du, si me miegblɔ Aƒetɔ ƒe nya la le, alesi wole wɔwɔm.


Eye esi wòkpɔ be, wole nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe wo dometɔ ɖeka ŋu la, exɔ nɛ, eye wòɖo hlɔ̃ ɖe aka na amesi wote ɖe anyi, esi wowu Egiptetɔ la;


Ke woada akpe na Mawu, amesi tsɔ nenem veviedodo le mia ŋuti sia de Tito ƒe dzi me;


Nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã la dziƒo wotso, tso kekeliwo ƒe Fofo la gbɔ, amesi gbɔ liɖɔɖɔ alo tɔtrɔ ƒe vɔvɔlidodoa ɖeke meli o.


Elabena Mawu tsɔe de woƒe dzi me, bene woawɔ eƒe tameɖoɖo dzi, eye woawɔ tameɖoɖo ɖeka dzi, eye woatsɔ woƒe fiaɖuƒe ana lã la, halase esime woawu Mawu ƒe nyawo nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa