Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 7:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 eye wotsɔ wo va Sixem, eye wotsɔ wo mia yɔdo, si Abraham tso klosalo ƒlee le Xemor-viwo si le Sixem la me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 eye wokɔ Yakob kple viawo va Sikem, eye woɖi wo ɖe yɔdo si Abraham ƒle le Hamor ƒe viwo gbɔ la me.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 7:16
11 Mawu Ofanana  

Abraham ɖo to Efron, eye Abraham xlẽ ho, si Efron yɔ le Xitiviawo ŋku me la ne, klosalo sekel alafa ene, ga nyui, si asitsalawo xɔna.


Amedzro menye le mia dome, mina ameɖiƒem, bena matsɔ nye ame kuku la aɖi ɖe afima!


Emegbe la Raxel ku, eye woɖu ɖe Efrat, si enye Betlexem, mɔ to.


ke boŋ naɖim ɖe tɔgbuinyewo gbɔ, eye natsɔm atso Egipte aɖaɖi ɖe woƒe yɔdo me. Tete wòɖo ŋu bena: Mawɔe, abe alesi nèdi ene.


Eye viaŋutsuwo wo nɛ, abe alesi wòde se na wo ene.


Eye viawo tsoe yi Kanaan, eye woɖii ɖe kpeto, si le Maxpela gble me, le Mamre kasa la me; agble, si Abraham ƒle le Efron Xititɔa si, be wòanye ameɖiƒe nɛ.


Eye Mose ho Yosef ƒe ƒuwo ɖe asi; elabena eka atam na Israel-viwo gblɔ bena: Ne Mawu va ɖo ŋku mia dzi la, ekema miɖo nye ƒuwo ɖe asi tso afisia yii.


Eye Israel-viwo ɖi Yosef ƒe ƒu, siwo wotsɔ tso Egipte vɛ la, ɖe Sixem, ɖe anyigba, si Yakob ƒle kesita alafa ɖeka le Sixem fofo Xamor ƒe viwo si la dzi, eye wòtrɔ zu Yosef-viwo ƒe domenyinu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa