15 Eye Yakob dzo yi Egipte, eye woku, eya ŋuta kple mía fofoawo;
15 Esiae na be Yakob kple viawo katã ʋu va tsi Egipte, afi si wo katã ku ɖo,
Eye Israel dze mo kple eƒemetɔwo katã, eye esi wòɖo Berseba la, esa vɔ na fofoa Isak ƒe Mawu la.
ke boŋ naɖim ɖe tɔgbuinyewo gbɔ, eye natsɔm atso Egipte aɖaɖi ɖe woƒe yɔdo me. Tete wòɖo ŋu bena: Mawɔe, abe alesi nèdi ene.
Esi Yakob wu nyawo nu na viawo vɔ la, eƒo ata ƒu ɖe aba dzi, eye wòmia nu, eye wòyi ɖe tɔgbuiawo gbɔ.
Eye Israel va Egipte, eye Yakob nye amedzro le Xam-nyigba dzi.
Emegbe Yosef kple nɔviawo kple wo viwo katã ku.
Eye Mose ho Yosef ƒe ƒuwo ɖe asi; elabena eka atam na Israel-viwo gblɔ bena: Ne Mawu va ɖo ŋku mia dzi la, ekema miɖo nye ƒuwo ɖe asi tso afisia yii.
Mía fofowo ʋu va Egipte, eye míenɔ Egipte eteƒe didi; ke Egiptetɔwo sẽ ŋuta le mía kple mía fofowo ŋu.
Fofowòwo le ame blaadre hafi va Egipte, ke azɔ la Yehowa, wò Mawu, na mèsɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene.
Eye nagblɔ le Yehowa, wò Mawu ŋku me bena: Fofonye enye Aramtɔa ɖe, si de tsɔtsrɔ ge, eye wòʋu va Egipte; ame ʋeea ɖewo ko wonye henye amedzrowo le afima, ke wodzi ɖe dzi, eye wotrɔ zu dukɔ gã sẽŋua ɖe.
Eye Israel-viwo ɖi Yosef ƒe ƒu, siwo wotsɔ tso Egipte vɛ la, ɖe Sixem, ɖe anyigba, si Yakob ƒle kesita alafa ɖeka le Sixem fofo Xamor ƒe viwo si la dzi, eye wòtrɔ zu Yosef-viwo ƒe domenyinu.
Metsɔ Yakob kple Esau na Isak, eye metsɔ Seir-to na Esau, be wòanye etɔ, ke Yakob kple viawo ya ʋu yi Egipte.