Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 6:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ke Stefano, si yɔ fũ kple amenuveve kple ŋusẽ la, wo nukunuwo kple dzesi gãwo le dukɔ la dome.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Azɔ la, Stefano, ame si Mawu ƒe amenuveve kple ŋusẽ yɔ fũu, eye eƒe xɔse de to blibo la wɔ nukunu kple dzesi geɖewo le amewo dome.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 6:8
11 Mawu Ofanana  

Tete Yesu gblɔ nɛ bena: Ne menye dzesiwo kple nukunuwo miekpɔ o la, miexɔnɛ sena o.


Eye womete ŋu tsi tre de nunya kple gbɔgbɔ, si wòtso le nu ƒom la nu o.


Eye amesiwo katã bɔbɔ nɔ ʋɔnua la, esi wòlé ŋku ɖe edzi gã la, wokpɔ eƒe mo abe mawudɔlaa ɖe ƒe mo ene.


Eyata, nɔviwo, miyi ɖadi mia dome ŋutsu adre, amesiwo kpɔ ɖasediɖi nyui, eye woyɔ fũ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe kple nunya la, amesiwo míaɖo ɖa sia nu.


Eye nya lé dze ha blibo la katã ŋu; eye wotia Stefano, ŋutsu, si ya fũ kple xɔse kpakple Gbɔgbɔ kɔkɔe la, kple Filipo, Prokoro kple Nikanora, Timona, Parmena kple Nikolao, si nye trɔ̃subɔla-zu-Yudatɔ tso Antioxia,


Ke eya la, esi Gbɔgbɔ kɔkɔe la vɔe fũ la, ekpɔ dziƒo gã, eye wòkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la kple Yesu le tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusi me, eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, mekpɔ dziƒo nu ʋu, eye Amegbetɔvi la le tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusi me.


Eye amehawo ɖo to nusi Filipo gblɔ la kple tame ɖeka, esi wosee, eye wokpɔ dzesi, siwo wòwɔ.


Eye eya ke ɖo amea ɖewo wonye apostolowo, eye amea ɖewo hã nye nyagblɔɖilawo, eye amea ɖewo hã nye nyanyuiegblɔlawo, eye amea ɖewo hã nye kplɔlawo kple nufialawo,


Elabena amesiwo subɔna nyuie la, wowɔa nɔƒe nyui na wo ɖokui, eye wokpɔa dzideƒo geɖe le xɔse, si le Kristo Yesu me la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa