Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 6:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye nya lé dze ha blibo la katã ŋu; eye wotia Stefano, ŋutsu, si ya fũ kple xɔse kpakple Gbɔgbɔ kɔkɔe la, kple Filipo, Prokoro kple Nikanora, Timona, Parmena kple Nikolao, si nye trɔ̃subɔla-zu-Yudatɔ tso Antioxia,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Nya sia me kɔ na hame la katã eya ta wotia ame adreawo, siwoe nye: Stefano, ame si ƒe xɔse de to, eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔe fũu, Filipo, Prokoro kple Nikano. Bubuawoe nye: Timon, Parmena kple Nikolas tso Antioxia, ame si nye trɔ̃subɔla si va zu Yudatɔ.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 6:5
24 Mawu Ofanana  

Nya sia dze Farao kple eŋuti mewo katã ŋu.


Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu; ke gbe da ɖe ame gbɔ nana dɔmedzoe flana.


Ame ƒe nu ƒe nya ŋuɖoɖo doa dzidzɔ nɛ; eye aleke nya, si wogblɔ de egblɔɣi la, mehevivinae oa?


Ke nye la, ŋusẽ kple Yehowa ƒe gbɔgbɔ, dzɔdzɔenyenye kple dzideƒo yɔm fũ, ne magblɔ Yakob ƒe dzidadawo kple Israel ƒe nuvɔ̃wo nɛ.


Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, elabena mietsana le ƒu kple anyigba dzi bena miawo trɔ̃subɔla ɖeka wòazu Yudatɔ, eye ne ezui la, ekema miewɔe dzomavɔʋe ƒe vi, si wu mia ŋutɔwo zi eve.


Azɔ amesiwo ka hlẽ le xaxa, si va le Stefano ŋuti me la, tso me yi vaseɖe Foinike kple Kipro kpakple Antioxia, ke womegblɔ; nya la na amea ɖeke o, negbe na Yudatɔwo ɖeɖe ko.


Ke esime wo dome ŋutsua ɖewo tso Kipro kple Kirene va Antioxia la, woƒo nu na Helatɔwo hã hele Aƒetɔ, Yesu ŋuti nyanyuie la gblɔm fia wo.


Eye wo ŋutinya ɖi va hame, si le Yerusalem la, ƒe to me, eye wodo Barnaba ɖo de Antioxia.


Elabena ame nyui wònye, eye wòyɔ fũ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe kple xɔse; eye wotsɔ ameha gãa ɖe kpe ɖe Aƒetɔ la ŋu.


Eye wòva me bena, ƒe blibo ɖeka woƒo ƒu le hame la me, eye wofia nu ameha gãa ɖe, eye bena Antioxia woyɔ nusrɔ̃lawo le gbã be kristotɔwo.


Eye le ŋkeke siawo me la nyagblɔɖilawo tso Yerusalem va Antioxia.


Eye nyagblɔɖila kple nufialaa ɖewo le ha me, si le Antioxia la me, siwo nye, Barnaba kple Simeon, si woyɔna be Niger, kple Lukio, Kirenetɔ kple Manahem, amesi wonyi kple dzidula Herodes, kple Saul.


Tete wòdze apostoloawo kple hamemegãwo kpakple ha blibo la katã ŋu bena, yewoatia ŋutsua ɖewo atso yewo dome aɖo ɖe Antioxia akpe ɖe Paulo kple Barnaba ŋu, woawo nye Yuda, si woyɔna be Barsaba, kple Sila, ŋutsu, siwo nye amegãwo le nɔviawo dome.


Eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la ya wo katã taŋtaŋ, eye wode asi gbe bubuwo gbɔgblɔ me, abe alesi Gbɔgbɔ la na wo, be woaƒo nui ene.


Eye esi ŋu ke la, miedzo va Kaisarea, eye mieyi ɖe nyanyuiegblɔla Filipo ƒe me, amesi nye ame adreawo dometɔ ɖeka, eye mienɔ egbɔ.


eye esime wokɔ wò ɖaseɖila Stefano ƒe ʋu ɖe anyi la, nye hã mele tsitre ɖe afima, eye wòdze ŋunye, eye medzra amesiwo wui la ƒe avɔwo ɖo.


Eye womete ŋu tsi tre de nunya kple gbɔgbɔ, si wòtso le nu ƒom la nu o.


Eyata, nɔviwo, miyi ɖadi mia dome ŋutsu adre, amesiwo kpɔ ɖasediɖi nyui, eye woyɔ fũ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe kple nunya la, amesiwo míaɖo ɖa sia nu.


Ke Stefano, si yɔ fũ kple amenuveve kple ŋusẽ la, wo nukunuwo kple dzesi gãwo le dukɔ la dome.


Azɔ nunɔlagã la gblɔ bena: Ele me nenema?


Nenema ke amesiwo lé nikolaitɔwo ƒe nufiafia me ɖe asi la, le gbɔwò.


Gake esia le asiwò bena, nèléa fu nikolaitɔwo ƒe nuwɔwɔ, siwo nye hã meléa fui la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa