Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 6:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ke miawo la miana gbedodoɖa kple nya la ƒe subɔsubɔ dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 ale be míawo la, míakpɔ ɣeyiɣi awɔ míaƒe dɔ si nye gbedodoɖa, mawunyagbɔgblɔ kple nufiafia amewo.”

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 6:4
18 Mawu Ofanana  

Eye wòva me bena, esime wowu eƒe subɔsubɔ ŋkekeawo nu la, edzo yi eƒe me.


Amesiawo katã nɔ gbedodoɖa kpakple kukuɖeɖe dzi kple tame ɖeka kpe ɖe nyɔnuawo kple Maria, Yesu dada, kple eƒe nɔviŋutsuawo ŋuti.


Eye wonɔ apostolowo ƒe nufiafia kple habɔbɔ, abolokaka kple gbedodoɖa me.


Elabena nye ɖaseɖilae nye Mawu, si mesubɔna le nye gbɔgbɔ me le Via ƒe nyanyuie la me, alesi nyemedzudzɔa ŋkuɖoɖo mia dzi o,


Elabena ne megblɔ nyanyuie fia la, menye kafukafu nam o, elabena ele nam kokoko be, mawɔe; elabena nenye be, nyemegblɔ nyanyuie la fia o la, baba nam!


ɖaasi le nye kukuɖeɖe, siwo katã meɖena le mi katã mia ta la me, eye metso dzidzo ɖea kuku —


Elabena mele didim be, mianya alesi meʋlina ŋutɔ le mia kple amesiwo le Laodikea kpakple ame alesi nu mekpɔ ŋkunye me le ŋutilã me o la ta,


Epafra, amesi tso mia dome, si nye Kristo ƒe dɔla la, ɖuɖɔ mi ƒã; eyae nye amesi nɔa mia ta ʋlim le gbedodoɖa me ɖaasi, bene mianɔ tsitre abe amesiwo le blibo, eye wokpɔ kakaɖedzi blibo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu katã ŋuti ene.


Eye migblɔ na Arxipo bena: Kpɔ subɔsubɔdɔ, si su asiwò le Aƒetɔ me la dzi, be nawu enu!


Ɖe gbe ƒã nya la, nɔ edzi, vovoɣi li alo vovoɣi meli o, ka mo, gbe nya, xlɔ̃ nu le dzigbɔɖeanyi kple nufiafia katã me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa