Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 6:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eyata, nɔviwo, miyi ɖadi mia dome ŋutsu adre, amesiwo kpɔ ɖasediɖi nyui, eye woyɔ fũ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe kple nunya la, amesiwo míaɖo ɖa sia nu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Eya ta nɔviwo, mitia mia dometɔ adre siwo sea nu gɔme, ame siwo me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fũu, eye ame sia ame kpɔ ŋudzedze le wo ŋu, ne míatsɔ nuɖuɖudzikpɔdɔ sia ade wo si koŋ,

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 6:3
34 Mawu Ofanana  

Tia ŋutsu zãzɛwo le dukɔ la dome, amesiwo vɔ̃a Mawu, ɖia anukware, eye woléa fu ŋubiabiã, eye naɖo wo amegãwoe, amea ɖewo ɖe ame akpe nu, amea ɖewo ɖe ame alafa nu, amea ɖewo ɖe ame blaatɔ̃ nu, eye amea ɖewo ɖe ame ewo nu,


Eƒe Mawu fia mɔnui ɖe kɔnu la nu, eye wòfiã nui.


anye ʋɔnudɔdrɔ̃gbɔgbɔ na amesi le ʋɔnudɔdrɔ̃ nu kple ŋusẽ na amesiwo gbugbɔ aʋa ɖo ɖe agbo nu.


Ke miawo la migana woayɔ mi be Rabi o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe nufiala, eye mi katã la nɔviwò mienye.


Tete nya sia ɖo nɔviawo dome bena, nusrɔ̃la ma mele kuku ge o; eye Yesu megblɔ ne bena, mele kuku ge o, ke boŋ: Ne medi bena, nenɔ anyi, vaseɖe esime mava la, gbɔwò nya ka wòtsɔa?


Eye le ŋkeke siawo me la Petro tsi tre ɖe nɔviawo titina (ameha, si ƒo ƒu la, nu anɔ alafa ɖeka kple blave), eye wògblɔ bena;


Eyaŋuti ele be, ŋutsu, siwo zɔ kpli mi le ɣeawokatãɣi me, le esi me Aƒetɔ Yesu va me, eye wòdoa go le mia dome,


Eye wogblɔ bena: aʋafia Kornelio, ame dzɔdzɔe kple amesi vɔ̃a Mawu, amesi ŋuti Yuda-dukɔ blibo la katã ɖi ɖase nyuie le la, eya mawudɔla kɔkɔea ɖe de se na be, nedɔ, ne woayi ɖayɔ wò va eƒe me, bena wòase nyawo tso gbɔwò.


Eye woŋlɔ agbalẽ de wo si bena: Apostolowo kple hamemegãwo kple nɔviwo ɖuɖɔ nɔvi, siwo tso trɔ̃subɔlawo dome le Antioxia kple Siria kpakple Kilikia la ƒã.


Amesi ŋuti nɔvi, siwo le Listra kple Ikonio la, ɖi ɖase nyuie le.


Eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la ya wo katã taŋtaŋ, eye wode asi gbe bubuwo gbɔgblɔ me, abe alesi Gbɔgbɔ la na wo, be woaƒo nui ene.


Eye Anania, ŋutsua ɖe, si vɔ̃a Mawu le sea nu, amesi ŋu Yudatɔ, siwo katã le afima, ɖi ɖase nyuie le la,


Afisi miekpɔ nɔviwo le, eye woɖe kuku na mí bena, mianɔ yewo gbɔ ŋkeke adre; eye ale mieva Roma.


Tete ame wuieveawo yɔ nusrɔ̃lawo ƒe ha ƒo ƒu, eye wogblɔ bena: Medze be, miagblẽ mawunya la ɖi asubɔ le kplɔ ŋuti o.


Eye nya lé dze ha blibo la katã ŋu; eye wotia Stefano, ŋutsu, si ya fũ kple xɔse kpakple Gbɔgbɔ kɔkɔe la, kple Filipo, Prokoro kple Nikanora, Timona, Parmena kple Nikolao, si nye trɔ̃subɔla-zu-Yudatɔ tso Antioxia,


amesiwo wotsɔ ɖo apostoloawo ƒe ŋku me; eye esi wodo gbe ɖa vo la, wòda asi ɖe wo dzi.


Tete esi nɔviawo see la, wokplɔe yi Kaisarea, eye woɖoe ɖe Tarso.


Elabena woto Gbɔgbɔ la dzi tso nunya ƒe nya na amea ɖe, ame bubu la sidzedze ƒe nya le Gbɔgbɔ ma ke nu,


Ke ne meva va la, matsɔ agbalẽwo aɖe asi na amesiwo ke míekpɔ be, wodze la, aɖo wo ɖa, ne woatsɔ miaƒe nunana ayi Yerusalem.


Eye migamu aha, esi me nu baɖabaɖa wɔwɔ le la o; ke boŋ Gbɔgbɔ la nayɔ mi fũ,


Miɖe ŋutsu, siwo tagbɔ li na, eye wodze adaŋu, eye ŋkɔ le wo ŋu la, le to sia to me, bena matsɔ wo aɖo amegã ɖe mia nu!


amesi kpɔ ɖaseɖiɖi nyui le dɔwɔwɔ nyuiwo ŋuti; ne enyia viwo, ne ewɔa amedzro, ne eklɔa ame kɔkɔewo ƒe afɔ ŋuti, ne ekpena ɖe fukpelawo ŋuti, ne enɔa ɖo nyui sia do nyui wɔwɔ yome.


Nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã la dziƒo wotso, tso kekeliwo ƒe Fofo la gbɔ, amesi gbɔ liɖɔɖɔ alo tɔtrɔ ƒe vɔvɔlidodoa ɖeke meli o.


Demetrio kpɔa ɖaseɖiɖi nyui tso amewo katã kple nyateƒe la ŋutɔ hã gbɔ, eye miawo hã míele ɖase ɖim le eŋuti, eye ènyae bena, míaƒe ɖaseɖiɖi enye nyateƒe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa