Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 6:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Tete ame wuieveawo yɔ nusrɔ̃lawo ƒe ha ƒo ƒu, eye wogblɔ bena: Medze be, miagblẽ mawunya la ɖi asubɔ le kplɔ ŋuti o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Le esia ta la, apostolo wuieveawo ƒo xɔsetɔwo katã nu ƒu hegblɔ na wo be, “Nɔviwo, mele be míawo míatsɔ nuɖuɖudzikpɔkpɔ awɔ míaƒe dɔe o. Míaƒe dɔe nye be míagblɔ mawunya.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 6:2
10 Mawu Ofanana  

Eye medɔ ame ɖo ɖe wo, be woagblɔ na wo bena: Dɔ gã dzi mele, eyata nyemate ŋu ava o. Nukaŋuti dɔ la atsi akpo dzi, eye magblẽe ɖi adzo va mia gbɔa?


Azɔ nuka woawɔ? Alesialesi lawɔ la, ameha la aƒo ƒu tsã; elabena wole ese ge be, eva.


Elabena mebu bena, enye nu manyatanu be, woaɖo gatɔ ɖa eye womafia eŋuti nutsotso o.


Ke Petro kple Yohanes woxɔ dzi na wo gblɔ bena: Nenye be, edzɔ le Mawu ƒe ŋku me bena, míaɖo to miawo awu Mawu la, mibu eŋu kpɔ!


Eye le ŋkeke siawo me, esime nusrɔ̃lawo le agbɔ sɔm la, liʋiliʋi ɖo Helatɔwo dome de Hebritɔwo ŋu, elabena wosaa woawo ƒe ahosiwo ɖi le gbesiagbe dzikpɔkpɔ la me.


Eyata, nɔviwo, miyi ɖadi mia dome ŋutsu adre, amesiwo kpɔ ɖasediɖi nyui, eye woyɔ fũ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe kple nunya la, amesiwo míaɖo ɖa sia nu.


Amea ɖeke menɔa aʋa wɔm so gatsɔa eɖokui dea nuɖuɖudɔwɔwɔwo me o, bene wòadze amesi tsɔ aʋae la ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa