Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 5:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Esi woli la, ɖe menye tɔwòe oa? Eye esi nètsɔe dzra la, ɖe menye wò ŋusẽ nue oa? Nukaŋuti nètsɔ nuwɔwɔ sia ɖo wò dzi me mahã? Menye amewo nèka aʋatso na o, ke na Mawu boŋ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Ɖe anyigba la menye tɔwò hafi nèdzrae oa? Eye esi nèdzrae la, ɖe ga la menye tɔwò oa? Nu kae wɔ wò be nèɖe afɔ sia? Menye amegbetɔe nèda alakpa na o, ke boŋ Mawue.”

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 5:4
26 Mawu Ofanana  

Nye Mawu, menyae be, wòe dzroa dziwo me kpɔna, eye dzimekɔkɔ nyoa ŋuwò. Nye dzime ko mena nusiawo katã faa; eye azɔ mekpe wò dukɔ, si le afisia kple dzidzɔ, be wona nu wò faa.


Eye esi wònye ɖe mekpɔ dzidzɔ le nye Mawu ƒe aƒea ŋu ta la, mena nye ŋutɔ nye sika kple klosalo, siwo metu ɖo la, ɖe nye Mawu ƒe aƒe la ŋu kpe ɖe nusiwo katã medzra ɖo ɖe kɔkɔeƒe ƒe xɔ la ŋuti la ŋu:


eye woatsɔ wo awɔ sikanuawo katã kple klosalonuawo katã kpakple aɖaŋuwɔlawo ƒe do vovovoawoe. Azɔ, amekae lɔ̃ le eɖokui si be, yeana nu Yehowa egbea?


Eye dukɔ la kpɔ dzidzɔ le esi wolɔ̃ faa la la, elabena wona nu Yehowa tso dzi blibo me faa; eye fia Dawid hã kpɔ dzidzɔ eteƒe mekɔ o.


Wofɔ agbagbadzedze ƒe fu hetsɔ dzɔgbevɔ̃e dzi, eye alakpa tsi ɖe dɔ me na wo.


Elabena nyaa ɖeke mele nye aɖe dzi o, kpɔ ɖa, Yehowa, ènya wo keŋ.


Edzidzenɛ kple lãnuwo, eye wòdraa dzo eƒe aŋutrɔwo.


Eye Mose gblɔ bena: Fiẽ la Yehowa ana lã mi miaɖu, eye ŋdi la ana abolo nu miedu aɖi ƒo, elabena Yehowa se liʋĩliʋĩ, si mieli ɖe eŋu la, ke miawo la amekawo míenye? Menye mía ŋu mieli o, ke boŋ Yehowa ŋue mieli.


Eye Israel-viwo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, amesiwo lɔ kple dzi faa la, tsɔ nunanawo vɛ na Yehowa, bena woatsɔ awɔ dɔ, si Yehowa de se na Mose, be wòawɔ la.


Megaɖe mɔ da wò nu, ne wòahe wò ŋutilã aɖe nuvɔ̃ me o, eye megagblɔ le Mawu ƒe tame ɖɔɖɔ ŋku me be, ɖe woge le ye nu o. Nukaŋuti Mawu aɖo dɔmedzoe ɖe wò nuƒoƒo ŋu, eye wòagblẽ wò asinudɔwɔwɔa?


Amea ɖeke meli, si biaa dzɔdzɔenyenye ta sena o, eye ame ɖeke medrɔ̃a ʋɔnu ɖe eteƒe o, woɖoa ŋu ɖe nu dzodzroa ŋu, eye wodaa alakpa, wofɔa hiãkame ƒe fu hetsɔa dzɔgbevɔ̃e dzina.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gbemagbe la nu aɖo dzi me na wò, eye aɖo tame vɔ̃ɖi


Eyata Yehowa ŋue mia kple wò ha blibo la mietsi tre ɖo; ameka nye Aron, hafi miele eŋu lĩm?


Amesi ɖoa to mi la, nyee wòdoa toe, eye amesi gbea mi la, nyee wògbena; ke amesi le gbeyem la, ele amesi dɔm ɖa la gbem.


Ke Petro gblɔ bena: Anania, nukaŋuti Satana yɔ wò dzi me fũ be, nèka aʋatso na Gbɔgbɔ kokoe la, eye nètso anyigbaga ƒe ɖe ɣla mahã?


Eye! Petro gblɔ nɛ bena: Aleke wɔ, miaƒe nu sɔ ale be, miete Aƒetɔ: la ƒe Gbɔgbɔ la kpɔ mahã? Kpɔ ɖa, amesiwo ɖi srɔ̃wò la ƒe afɔwo le ʋɔtrua nu, be woatsɔ wò hã ado goe.


Ke nuɖuɖu mawɔ mi bubu le Mawu ƒe ŋku me o, elabena nenye be, míeɖua nu la, míezua gã wu o, eye nenye be, míeɖua nu o la, míezua sue wu o.


Eyaŋuti amesi ke doa vlo esia la, menye amee wòdoa vloe o, ke boŋ Mawu, amesi na eƒe Gbɔgbɔ kɔkɔe mí lae wòdoa vloe.


gake esi nyemenya wò lɔlɔ̃nu o la, nyemedi be, mawɔ naneke o, bena wò nyuiwɔwɔ la nagato dzizizi me o, ke boŋ wòato lɔlɔ̃nu faa me.


emegbe la ne nudzodzro la fɔ fu la, edzia nuvɔ̃; ke ne nuvɔ̃ la tsi vɔ la, edzia ku.


Eye Yehowa gblɔ na Samuel bena: Ɖo to dukɔ la ƒe gbe le nusianu, si woagblɔ na wo la me, elabena menye wòe wogbe o, ke boŋ nyee wogbe be, nyemagaɖu fia ɖe yewo dzi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa