Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 5:39 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

39 ke ne etso Mawu gbɔ la, miele eŋu te ge agblẽe o, bena womagakpɔ mi abe amesiwo le tsitre tsim ɖe Mawu ŋuti ene o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

39 Gake nenye Mawu ƒe dɔ wɔm wole vavã la, ekema miate ŋu atsi enu gbeɖe o. Gawu la, ne miekpɔ nyuie o la, miakpɔ be yewole kame tem kple Mawu.”

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 5:39
23 Mawu Ofanana  

Tete Laban kple Betuel wogblɔ bena: Nya sia tso Yehowa gbɔ, eyata míate ŋu agblɔ nya vɔ̃ alo nya nyui ɖe eŋu o.


Tsã esi Saul nye fia ɖe Israel nu la, wòe kplɔa Israel ɖoa goe, eye negakplɔnɛ gbɔnɛ, eye Yehowa gblɔ na wò bena: Wòe anyi nye dukɔ Israel, eye nanye amegã ɖe Israel nu!


Ale Yehowa gblɔ esi: Migaho yidawɔ aʋa kple mia nɔvi Israel-viwo o, mia dome amesiame negbugbɔ yi eƒe me, elabena gbɔnyea nya sia tso. Tete wose Yehowa ƒe gbe, eye wòtrɔ dzo le Yehowa ƒe nya la nu.


Ameka nedo vloe, eye ameka ŋu neɖu fewu le, ameka ta nèɖo ɣli ɖo, eve ameka ŋu nèfɔ mo dzi ɖo? Israel ƒe kɔkɔetɔ lae loo!


Ne ena gbɔɖeme va aƒe la, ameka abu fɔe? Eye ne eɣla eƒe mo la, ameka ate ŋu akpɔe? Ke eƒe ŋkn le dukɔwo kple amegbetɔwo katã ŋu,


Nunya kple gɔmesese kpakple aɖaŋuɖoɖoa ɖeke meli ɖe Yehowa ŋu o.


Nyee li tso tititi ke, eye amea ɖeke maxɔ ame le asinye o; ne mewo nu la, ameka atrɔe?


Baba na amesi le dzre hem kple emèla, sonu gaglɛ wònye le anyisonu gaglɛwo dome! Ɖe tsu agblɔ na emela be: Nuka wɔm nèle? alo eƒe dɔwɔwɔ nagblɔ be: Mèto asi oa?


nye amesi ɖe nuwuwu fia le gɔmedzedzea me ke kple nusi gbɔna dzɔdzɔ ge la fia le blema ke gblɔ bena: Nye tame-ɖoɖo ava me, eye mawɔ nye didiwo katã dzi;


Eye nye hã mele egblɔm na wò bena: Wòe nye Petro, eye nenem kpe gbadza sia dzi matu ye ha la ɖo, eye tsiẽƒe ƒe agbowo hã mele edzi ɖu ge o.


elabena nye la mana nu kple nunya mi, si ŋuti miaƒe ketɔwo katã mate ŋu atsi tre alo aƒo nu ɖo o.


Azɔ ne Mawu tso nenem nunana ma ke na wo, abe alesi wòna mi, amesiwo xa Aƒetɔ Yesu Kristo dzi se la ene la, nye la ameka menye be, mate ŋu axe mo na Mawua?


Eye ɣlidodo gãa ɖe dzɔ, eye agbalẽfiala, siwo nye farisitɔwo ƒe akpa la, dometɔa ɖewo tsi tre, eye wohe dzre ŋutɔ gblɔ bena: Miekpɔ vɔ̃a ɖeke le amesia ŋu o; ke ne gbɔgbɔa ɖe alo mawudɔlaa ɖe ƒo nu kpakplii la, nukae?


Eye womete ŋu tsi tre de nunya kple gbɔgbɔ, si wòtso le nu ƒom la nu o.


Mi kɔlialiatɔwo kple amesiwo ƒe dzi kple to sẽ, ɖaa mietsi tre ɖe Gbɔgbɔ kɔkɔe la ŋu; alesi mia fofowo wɔ la, nenema ke wɔm miawo hã miele.


Eye wògblɔ bena: Wò amekae, Aƒetɔ? Eye Aƒetɔ la gblɔ bena: Nyee nye Yesu, amesi yome tim nèle; asẽ na wò be, nada afɔkpo nutɔnu.


Elabena Mawu ƒe bometsitsi nyaa nu wua amegbetɔwo, eye Mawu ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ sẽa ŋu wua amegbetɔwo,


Alo ɖe miana Aƒetɔ la naʋã ŋua? Ɖe míesesẽ wui mahã?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa