Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 5:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Eye esi wokplɔ wo ve la, wotsɔ wo ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ŋku me. Eye nunɔlagã bia wo bena:

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

27 Wokplɔ apostoloawo va ʋɔnudrɔ̃ƒe la ƒe ŋkume be nunɔlagã nabia gbe wo.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 5:27
8 Mawu Ofanana  

Ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si le dɔmedzoe dom ɖe nɔvia ŋuti la, adze ʋɔnudɔdrɔ̃; eye amesi ke agblɔ na nɔvia bena takukutɔ la, adze daŋudede gã, eye amesi ke agblɔ bena lã la, adze dzomavɔʋemeyiyi.


Eye esi ŋu ke la, dumegãwo kple nunɔlagãwo kpakple agbalẽfialawo ɖi anyi, eye wokplɔe heyi ɖe woƒe takpekpe la me gblɔ bena: Nenye wòe nye Kristo la, gblɔe na mi.


Eye ŋu ke, esi wòle didim bena, yeanya nyateƒe la, nusi ŋuti Yudatɔwo va tso enu la, etu kae, eye wòde se bena, nunɔlagãwo kple woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo katã nava ƒo ƒu: eye wokplɔ Paulo ɖi va anyi, eye wotsɔe ɖo wo ŋku me.


Eye esi wotso wo ɖo titina la, wòbia bena: Ŋusẽ ka nu alo ŋkɔ ka dzie miewɔ nusia le mahã?


Eye esi wosee la, woto dzi yi mawuxɔ me le ŋdikanya, eye wòfiã nu. Ke nunɔlagã kple amesiwo le eŋu la, wova, eye woyɔ adaŋudelawo kple Israel-viwo ƒe ame tsitsiwo katã va ƒo ƒu, eye wodo ɖo ɖe gaxɔ me, be woakplɔ wo vɛ.


Ke farisitɔa ɖe, si ŋkɔ nye Gamaliel, sefiala, si dukɔ la katã buna la, tsi tre le ʋɔnudrɔ̃lawo me; eye wòde se be, woakplɔ amesiawo ado goe ʋee.


Eye wode zi dukɔ la kple amegãwo kpakple agbalẽfialawo me; eye wova dze edzi, eye wòlée hekplɔe yi ɖe ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ŋku me;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa