Ke le nusiawo katã ŋgɔ la woaɖo woƒe asiwo mia dzi, eye woati mia yome, akplɔ mi ayi ɖe ƒuƒoƒewo kple gaxɔwo me, be woade mi asi na fiawo kple mɔ̃mefiawo le nye ŋkɔ la ŋuti.
Kristo ƒe subɔlawo wònyea? — Mele nu ƒom abe amesi ƒe tame ɖa la ene — Nyee wu: Le agbagbadzedze geɖe wu me, le ƒoƒo geɖe akpa me, le gaxɔmedede geɖe wu me, le ku me agbadre.
Megavɔ̃ fu, siwo nava kpe la, ƒe ɖeke o. Kpɔ ɖa, Abosam latsɔ mia dome amea ɖewo ade gaxɔ me, bene woate mi akpɔ, eye míakpɔ xaxa ŋkeke ewo. Nanye nuteƒewɔla yiɖase ɖe ku me, eye mana agbefiakuku wò!