Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 4:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye esi wotso wo ɖo titina la, wòbia bena: Ŋusẽ ka nu alo ŋkɔ ka dzie miewɔ nusia le mahã?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Wokplɔ Petro kple Yohanes va woƒe ŋkumee. Takpekpea me nɔlawo bia Petro kple Yohanes be, “Ame ka ƒe mɔɖeɖe alo ŋkɔ mee miewɔ nu sia?”

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 4:7
12 Mawu Ofanana  

Ke eya ɖo ŋu bena: Amekae ɖo wò amegã kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mía nu? Ɖe nèbe, yeawu nye hã, abe alesi nèwu Egiptetɔ la enea? Tete Mose ɖe asi vɔvɔ̃ me, elabena ekpɔ bena, nya la ɖi wose.


Ke esi wòva mawuƒe me, eye wòle nu fiãm amewo la, nunɔlagãwo kple dumegãwo va egbɔ gblɔ bena: Ŋusẽ ka nètsɔ wɔ esiawoe, eye amekae tsɔ nenem ŋusẽ sia na wò mahã?


eye wogblɔ nɛ bena: Ŋusẽ ka nètso wɔ esiawoe; alo ameka tsɔ ŋusẽ sia na wò be, nawɔ esiawoe mahã?


Tete Yudatɔwo xɔ dzi gblɔ nɛ bena: Dzesi kawo nèfia mí bena, èwɔ nusiawo mahã?


Eye agbalẽfialawo kple farisitɔwo kplɔ nyɔnua ɖe, si wolé le ahasiwɔwɔ me la, va egbɔ, eye wotsɔe ɖo titina


Eye esi wosee la, woƒe dzi tsi nya na wo, ave wodo go ɖekaɖeka hedze egɔme tso xoxoawo dzi vaseɖe ɖevitɔwo dzi, eye wogblẽ Yesu ɖeka ɖi kple nyɔnu la le afisi wòle la, le titina.


ekema mi katã kple Israel dukɔ blibo, la minyae bena, le Yesu Kristo, Nazaretetɔ, ƒe ŋkɔ dzie, amesi miawo mieklã ɖe ati ŋuti, amesi Mawu to ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, le eya me amesia le, tsitre ɖe miaƒe ŋku me, eye eƒe lãme sẽ.


kple Hana, nunɔlagã, kpe ɖe Kayafa kple Yohanes kple Aleksandro ŋuti kple ame geɖe alesi nu tso nunɔlagã ƒe ƒome la me.


Tete Petro, amesi Gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ fũ la, gblɔ na wo bena: Mi dukɔ la ƒe dziɖulawo kple Israel-amegãwo!


Tete woɖo toe; eye esi woyɔ apostoloawo ve la, woƒo wo, eye wode se na wo be, woagaƒo nu le Yesu ƒe ŋkɔa dzi o, eye wodo mo wo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa