Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 4:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ke amesiwo se nyaa la, dome geɖea xɔe se; eye ŋutsuawo ƒe xexlẽme anɔ akpe atɔ̃.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Togbɔ be edzɔ alea hã la, ame geɖe siwo se Petro kple Yohanes ƒe nyagbɔgblɔ gbe ma gbe la xɔe se hetrɔ dzi me, eye wozu xɔsetɔwo. Ale xɔsetɔwo katã ƒe xexlẽme anɔ abe akpe atɔ̃ ene.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 4:4
10 Mawu Ofanana  

Atamkayi magbe Yuda si nanɔ o, eye womede fiatikplɔ da le ekɔme o, vaseɖe esime amesi tɔ wònye nava; amesi dukɔwo ana tae.


ahagblɔ bena: Míaƒe dzɔdzɔenyenye kple ŋusẽ le Yehowa gbɔ; amesiwo katã do dziku ɖe eŋu la, ava egbɔ, eye ŋu akpe wo.


Eyata mana gomee ɖe ame geɖewo dome, eye eya kple kalẽtɔwo amã aboyonu, elabena etso eƒe agbe de ku me, eye wòna wobui kpe ɖe vodalawo ŋu, evɔ wònye ede ta ame geɖewo ƒe nuvɔ̃wo te, eye wòɖe kuku ɖe vodalawo ta hafi.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena, ne bliku la mege ɖe anyigba me, eye woku o la, ekema eya ɖeka tsia anyi; ke ne eku la, etsea ku geɖe.


Azɔ amesiwo xɔ eƒe nyaa la, wode mawutsi ta na wo; eye le ŋkeke ma dzi wotsɔ luʋɔwo anɔ akpe etɔ̃ kpe ɖe wo ŋu.


hele Mawu kafum, eye wokpɔ amenuveve le dukɔ blibo la katã gbɔ. Eye Aƒetɔ la tsɔa amesiwo kpɔ agbexɔxɔ la kpena ɖe ha la ŋu gbesiagbe.


Eye amea ɖewo xɔ nusiwo wògblɔ la dzi se, eye amea ɖewo mexɔe se o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa