Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 4:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Eye esi woɖe asi le wo ŋu la, wova wo tɔwo gbɔ, eye woxlẽ nusiwo katã nunɔlagãwo kple amegãwo gblɔ na wo la, fia wo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Esi woɖe asi le Petro kple Yohanes ŋu teti ko la, woti wo tɔ nusrɔ̃lawo bubuawo yii ɖagblɔ nu siwo katã nunɔlagãwo kple amegãwo gblɔ la na wo.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 4:23
12 Mawu Ofanana  

Xɔlɔ̃ menye na amesiwo katã vɔ̃a wò kple amesiwo léa ŋku de wò sededewo ŋu.


Ame kɔkɔe, siwo le anyigba dzi, kple ame ŋkulawo ƒe nu nyea ŋunye ŋutɔŋutɔ.


Nye aɖatsiwo zu nuɖuɖu nam zã kple keli, esi wole gbɔgblɔm nam edziedzi be: Afika gɔ̃ wò Mawu la le?


Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, azu emegbegblẽ.


Ale Yehowa-vɔ̃lawo gblɔ le wo nɔeawo dome enye si; Yehowa ɖo to see, eye wòŋlɔ ŋkuɖodzigbalẽ le eŋku me na Yehowa-vɔ̃lawo kple amesiwo léa ŋku ɖe eƒe ŋkɔ ŋu la.


Eye wodo go tso gaxɔ me yi ɖe Lidia ƒe me: eye esi wokpɔ nɔviawo la, woɖe dzi ƒo na wo, eye wodzo.


Elabena amesi ŋu wowɔ dɔyɔyɔdzesi sia le la, xɔ ƒe wowu ƒe blane.


Eye esi wosee la, wokɔ woƒe gbe dzi na Mawu kple tame ɖeka gblɔ bena: Aƒetɔ, wòe nye Mawu, si wɔ dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kpakple woƒe nuwo katã la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa