Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 4:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Ke Petro kple Yohanes woxɔ dzi na wo gblɔ bena: Nenye be, edzɔ le Mawu ƒe ŋku me bena, míaɖo to miawo awu Mawu la, mibu eŋu kpɔ!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 Ke Petro kple Yohanes ɖo eŋu gblɔ na wo be, “Miawo ŋutɔwo mibu eŋu kpɔ be enyo le Mawu gbɔ be míase amegbetɔ ƒe gbe, agbe eya Mawu ƒe gbedziwɔwɔ hã?

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 4:19
30 Mawu Ofanana  

Eye nusia zu nuvɔ̃; eye dukɔ la yia ɖeka gbɔ le keke Dan ke.


Tete wògbugbɔ kplii, eye woɖu abolo, eye wono tsi le eƒe me.


Eye wòatsɔ Israel ade asi le Yerobeam ƒe nuvɔ̃, si wòwɔ hetsɔ ble Israel la ŋuti.


Tete eƒe dumegãwo kple bubumewo, amesiwo le eƒe dua me la, wɔ abe alesi Izebel ɖɔ ame ɖo ɖe wo kple alesi le agbalẽ, si wòɖo ɖe wo la me ene.


Mixa ɖo ŋu bena: Meta Yehowa ƒe agbe. Ne menye nya, si Yehowa alo nam la, magblɔ o fi!


Eye fia Axaz de se na nunɔla Uriya gblɔ bena: Sa ŋdinumevɔ kple fiẽnuɖuvɔ kple fia ƒe numevɔ kple eƒe nuɖuvɔ kpakple dukɔ hahoo la katã ƒe numevɔ kple nuɖuvɔ kpakple woƒe nunovɔwo le vɔsamlekpui gã la dzi, eye hlẽ woƒe numevɔsa kple akpedavɔsa ƒe nuwo katã ɖe edzi. Ke akɔblivɔsamlekpui la nena anyi, mana eŋuti bum kpɔ.


Eye nunɔla Uriya wo pɛpɛpɛ, abe alesi fia la de se ene.


Megagblẽ nu o! Dawid ƒe ha ɖe futamee na henɔ la.


Ke vixelawo vɔ̃ Mawu, eye womewɔ se, si Egipte-fia de na wo la dzi o, boŋ wona ŋutsuviawo nɔ agbe.


Eye Yeremya gblɔ na amegãwo katã kple dukɔ blibo la bena: Yehowa ye dɔm, be magblɔ nya, siwo katã miese la, ɖe aƒe sia kple du sia ŋu.


Ke ne menɔ alea o hã la, fia, nyae be, míele wò mawuwo subɔ ge akpɔ gbeɖe o, eye mlaɖo gbe ɖa na sikalegba, si nèli anyi la o.


Ale fia Dario de ŋkɔ nuŋɔŋlɔ la le, eye wòde se la.


Wote Efrayim de anyi, eye wotso tohehe bɔbɔe de anyi, le esi wòlɔ̃ dze mawuwo ƒe sewo yome le ta.


Azɔ se Yehowa ƒe nya! Egblɔ be: Megagblɔ nya ɖi ɖe Israel ŋu o, eye megadudu nyã ƒo ɖi ɖe Isak ƒe aƒe la ŋu o!


Miewɔ nu ɖe Omri ƒe ɖoɖowo kple Axab ƒe aƒe ƒe nuwɔnawo katã ŋu, eye miezɔ ɖe woƒe adaŋudedewo nu, ne matsɔ wò awɔ gbegbee, duametɔwo nazu tsiãdonu, eye nye dukɔ ƒe ɖzu uauɔ mia dzi.


Wodo ŋu nɛ bena: Kaisaro tɔe. Tete wògblɔ na wo bena: Ekema mitsɔ nusi enye kaisaro tɔ la, na kaisaro, eye nusi enye Mawu tɔ la, na Mawu.


Eye wòdɔ Petro kple Yohanes gblɔ bena: Miheyi ɖadzra ŋutitotolẽvi la ɖo na mi, be miaɖu.


Migatrɔ̃ ʋɔnu le dzedze nu o; ke boŋ midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.


Ke esi wokpɔ Petro kple Yohanes ƒe dzideƒo, eye wose bena, ame masrɔ̃nuwo kple ame manyanuwo wonye la, woƒe mo wɔ yaa, eye wodze si wo hã bena, woa kple Yesu wonɔ anyi.


Alo ɖe menye se miede na mi bena: Migafia nu ɖe ŋkɔ sia dzi oa? Eye kpɔ ɖa, mieyɔ Yerusalem fũ kple miaƒe nufiafia, eye miele didim be, miatso ame sia ƒe ʋu aɖo mia dzi.


Eye Petro kple apostoloawo ɖo ŋu gblɔ bena: Ele be, wòabu Mawu awu amewo.


Nunyalawo mele egblɔm na — mibu nusi gblɔm mele la me kpɔ:


Ke míegbea ŋukpenanu ɣaɣlawo boŋ, eye miezɔna le aɖaŋu vɔ̃ me o, eye miebaɖa mawunya hã o, hafi boŋ mietsɔa nyateƒe ƒe ɖeɖefia ɖea mía ɖokui fiãa amewo katã ƒe dzitsinya le Mawu ƒe ŋku me.


Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo le Aƒetɔ la me, elabena esia le eteƒe.


Elabena esia nyo, eye wòdze Mawu, mía xɔla ŋu,


Le xɔse me, esime wodzi Mose la, eƒe dzilawo ɣlae ɣleti etɔ̃; elabena wokpɔ be, enye vi dzeɖekɛ, eye womevɔ̃ fia ƒe sedede o.


ɖe miede vovo amewo dome le mia ɖokui me, eye miezu tamesusu vɔ̃wo ʋɔnudrɔ̃lawo o mahã?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa