Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 4:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye menye ame bubua ɖeke me xoxo la le o; elabena ŋkɔ bubua ɖeke mele dziƒoa te, si wona amegbetɔwo, le esi me wòle be, míakpɔ xɔxɔ la le o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Yesu ɖeka pɛ ko dzi ame sia ame ato hafi akpɔ xɔxɔ, elabena ŋkɔ bubu aɖeke mele dziƒoa te si wona amegbetɔwo, esi me wòle be míakpɔ xɔxɔ la le o.”

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 4:12
19 Mawu Ofanana  

Eye tsia do agbogbo de anyigba dzi ŋutɔŋutɔ hede to kɔkɔ, siwo katã le dziƒoa te la.


Kakati bibiwo dona tsoa eƒe nu me, eye dzoxiwo hlẽna ŋeŋeŋe.


Viwòŋutsuwo anɔ fofowòwo teƒe, eye atsɔ wo aɖo amegãwoe ɖe anyigba blibo la dzi.


Adzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu; elabena eyae laɖe eƒe dukɔ la tso woƒe nuvɔ̃wo me.


eye bena, woaɖe gbe ƒã dzimetɔtrɔ hena nuvɔ̃wo ƒe keke le eƒe ŋkɔa dzi na dukɔwo katã la, adze gɔme atso Yerusalem.


Yesu gblɔ nɛ bena: Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la, amea ɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.


Amesi xɔa Via dzi sena la, agbe mavɔ le esi; amesi meɖoa to Via o la, makpɔ agbe o, ke boŋ Mawu ƒe dɔmedzoe tsia eyama dzi.


Ŋutsuwo, nɔviwò, Abraham ƒomeviwo kple mia dome amesiwo vɔ̃a Mawu la, miawoe wotsɔ xɔxɔnya sia ɖo ɖa.


Eye Yudatɔa ɖewo nɔ Yerusalem, ŋutsu, siwo vɔ̃a Mawu la, wotso dukɔ, siwo katã le dziƒo te la me.


Elabena amea ɖeke mate ŋu aɖo gɔmeɖoɖo bubu anyi o, negbe esi woɖo anyi, si nye Yesu Kristo la ko.


nenye bena, mienɔ xɔse me, abe amesiwo gɔme wodo anyi, eye wole tsitre sesĩe ene, eye miagana woate mi ɖa tso nyanyuie ƒe mɔkpɔkpɔ, si miese, si woɖe gbe ƒã na nuwɔwɔwo katã le dziƒo te, esi ƒe subɔla nye Paulo mezu la me o.


Mikpɔ nyuie, bena miagagbe amesi le nu ƒom na mi la o; elabena ne ame mawo, esi wogbe amesi gblɔ nya fia wo le anyigba dzi la, eye womete ŋu si le enu o la, geɖe wu miawo míate ŋu asi o, ne mietrɔ tso amesi ɖe eɖokui fia tso dziƒo la gbɔ;


aleke gɔ̃ míawo míele sisi gee, ne mielé be na ale xɔxɔ gã sia o mahã? Esia ŋutinya Aƒetɔ la gblɔ gbã, eye amesiwo see la, ka de edzi na mi,


Eye ne womekpɔ amea ɖe ƒe ŋkɔŋɔŋlɔ le agbegbalẽa me o la, wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzota la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa