9 Eye dukɔ blibo la katã kpɔe wòle azɔli zɔm, eye wòle Mawu kafum.
9 Ame siwo katã kpɔ ame sia wònɔ zɔzɔm, nɔ Mawu kafum la
Eye esi wògblɔ esiawo la, ŋukpe lé eƒe adikãtɔwo katã, eye ameha la katã kpɔ dzidzɔ le ŋutikɔkɔedɔ, siwo katã wòwɔ la ŋuti.
Eye esi amehawo kpɔ nusi Paulo wɔ la, wokɔ woƒe gbe dzi le Likaonia-gbe me bena: Mawuwo tsɔ amewo ƒe nɔnɔme ɖi va mia gbɔ.
Elabena vavã, dzesi, si wowɔ la, amewo nyae, eye wòdze ƒã na amesiwo katã nɔ Yerusalem; eye miate ŋu asẽ nu le eŋu o.
Ke esi wogado ŋɔdzi na wo ɖe edzi la, woɖe asi le wo ŋu, esi womekpɔ naneke woatsɔ ahe to na wo o la ta, le dukɔ la ŋuti; elabena ameawo katã le Mawu kafum le nusi ke va me la ŋuti.