Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 3:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Miawo Mawu fɔ eƒe dɔla ɖe tsitre na gbã, eye wòdɔe ɖa, be woayra mi le esi me be, mia dome amesiame natrɔ tso eƒe vɔ̃ɖinyenyewo me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

26 Le nubabla sia ta, esi Mawu ɖo eƒe dɔla ɖe xexea me la, eɖoe ɖe mia gbɔ gbã be wòayra mi, miadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, atrɔ va Mawu gbɔ.”

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 3:26
41 Mawu Ofanana  

Eƒe ŋkɔ anɔ anyi tegbetegbe; ŋkeke alesi ɣe li la, eƒe ŋkɔ amie, eye amewo atsɔe ayra wo nɔewoe; dukɔwo katã akafui.


Mese Efrayim le nu xam xoxo be: „Ehe to nam, eye mena nèhe to nam abe nyivi, si womemlã o la ene; gakplɔm gbɔe, ekema matrɔ la me; elabena wòe nye Yehowa, nye Mawu.


Adzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu; elabena eyae laɖe eƒe dukɔ la tso woƒe nuvɔ̃wo me.


Ke eya ɖo eŋu gblɔ bena: Womedɔm o, negbe ɖe Israel-ƒe me alẽ bubuwo gbɔ ko.


eye bena, woaɖe gbe ƒã dzimetɔtrɔ hena nuvɔ̃wo ƒe keke le eƒe ŋkɔa dzi na dukɔwo katã la, adze gɔme atso Yerusalem.


Miawo la miedoa gbe ɖa na nusi mienya o; miawo la miedoa gbe da na nusi mienya; elabena xoxo la tso Yudatɔwo gbɔ.


Hafi boŋ miaxe Gbɔgbɔ kɔkɔe, si le mia dzi va ge la, ƒe ŋusẽ, eye mianye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem kple Yudea katã kple Samaria, eye vaseɖe anyigba ƒe se ƒe ke.


Ŋutsuwo, nɔviwò, Abraham ƒomeviwo kple mia dome amesiwo vɔ̃a Mawu la, miawoe wotsɔ xɔxɔnya sia ɖo ɖa.


Eya ke Mawu fɔ ɖe tsitre, esi wòtsi ku ƒe vevewo nu, le esi mete ŋu lée ɖe anyi o la ta.


Nenem Yesu sia la Mawu fɔe ɖe tsitre, nusia ŋuti mi katã míenye ɖaseɖilawo le.


ke boŋ megblɔe fia Damaskotɔwo gbã, kple amesiwo le Yerusalem kple Yudea nutometɔwo katã kpakple trɔ̃subɔlawo hã, bena woatrɔ le woƒe dzi me, eye ne woagbugbɔ ava Mawu gbɔ, ne woawɔ dɔ, siwo dze dzimetɔtrɔ.


Abraham kple Isak kple Yakob ƒe Mawu la, mia fofowo ƒe Mawu la, kɔ eƒe dɔla Yesu ŋuti, amesi miawo mietsɔ de asi, eye miegbe nu le egbɔ le Pilato ƒe ŋku me, esi ame ma tso afia bena, yeaɖe asi le eŋu.


eye miewu agbefia la, amesi Mawu fɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, esi ƒe ɖaseɖilawo miawo míenye.


bena ne gbɔɖemeɣi nava tso Aƒetɔ la ƒe ŋku me, eye wòadɔ Kristo Yesu, si woɖo ɖi na mi la ɖa.


Mose gblɔ na fofoawo bena: „Aƒetɔ, mía Mawu la, ana be, nyagblɔɖilaa ɖe natsi tre na mi abe nye ene tso mia nɔviwo dome, eya la miaɖo toe le nusiwo katã wòagblɔ na mi la me.


Miawoe nye nyagblɔɖilawo kple nubabla, si Mawu bla kple mia fofowo ƒe viwo, esi wògblɔ na Abraham bena: „Eye le wò ƒome la me woayra anyigba dzi ƒomewo katã le.“


Elabena nyanyuie la mekpea ŋu nam o, elabena enye Mawu ƒe ŋusẽ, si naa agbexɔxɔ amesiame, si xɔna sena la, Yudatɔwo gbã kple Helatɔwo hã.


Ke menyae bena, ne meva mia gbɔ la, mava kple Kristo ƒe yayra ƒe agbɔsɔsɔ blibo la.


Elabena mele egblɔm bena, Yesu Kristo zu subɔla na aʋatsotso le Mawu ƒe nyateƒe ŋuti, bene wòali ke ŋugbedodo, siwo wodo na fofoawo la;


Woakafu Mawu, si nye mia Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, amesi tsɔ gbɔgbɔ me yayrawo katã le dziƒonutowo me yra ɖe mia dzi le Kristo me,


Woakafu Mawu, mia Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, amesi gbugbɔ mí gadzi le eƒe nublanuikpɔkpɔ geɖe la nu hena mɔkpɔkpɔ gbagbe to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome la me,


Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe alo dzudzu dzudzu teƒe o; ke esia teƒe la miyra boŋ; elabena esia ta woyɔ mi vɛ ɖo, be mianyi yayra ƒe dome.


Ke amesi ate ŋu alé mi ɖe asi, bena miagakli nu o, eye wòate ŋu atsɔ mi atu tsitre ɖe eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ŋku me mokaka manɔŋui le dzidzɔ gã me;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa