Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 3:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Mose gblɔ na fofoawo bena: „Aƒetɔ, mía Mawu la, ana be, nyagblɔɖilaa ɖe natsi tre na mi abe nye ene tso mia nɔviwo dome, eya la miaɖo toe le nusiwo katã wòagblɔ na mi la me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

22 Mose hã gblɔe xoxo be, ‘Ɣeyiɣi gbɔna, esi Yehowa wò Mawu ŋutɔ aɖo nyagblɔɖila tɔxɛ aɖe ɖe mia dome, tso mia nɔviwo dome abe nye Mose pɛpɛpɛ ene. Anyo na mi be miaɖo to nu sia nu si wòagblɔ na mi,

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 3:22
22 Mawu Ofanana  

Eye amehawo gblɔ bena: Amesia enye nyagblɔɖila Yesu, si tso Nazaret le Galilea.


Gake ele nam be, mazɔ mɔ egbe kple etso kple ŋkeke, si dze eyome; elabena womeɖe mɔ be, woawu nyagblɔɖilaa ɖe le afia ɖeke o, negbe le Yerusalem ko.


Egblɔ na wo bena: Ka wòe? Eye woɖo ŋu nɛ bena: Yesu, Nazaretetɔ la, ŋutinyae, amesi nye nyagblɔɖila ŋusẽtɔ le nuwɔwɔ kple nyagbɔgblɔ me le Mawu kple dukɔ la ƒe ŋku me;


Elabena wona se la to Mose dzi; amenuveve kple nyateƒe va to Yesu Kristo dzi.


Nye la kekeli menye va xexeame, bena amesiame, si xɔa dzinye sena la, mano viviti me o.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi le nye nya la Sem, eye wòle amesi dɔm ɖa la dzi xɔm le sesem la, agbe mavɔ le esi, eye mava ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, elabena eto ku me yi ɖe agbe la me xoxo.


Azɔ Yesu gaƒo nu na wo gblɔ bena: Nyee nye xexeame ƒe kekeli la; amesi ke dzea yonyeme la, mele viviti la me zɔ ge akpɔ o, ke boŋ agbe la ƒe kekeli anɔ esi.


Eya kee nye Mose, si gblɔ na Israel-viwo bena: „Aƒetɔ, miaƒe Mawu, la, ana nyagblɔɖilaa ɖe natsi tre na mi tso mia nɔviawo dome abe nye ene, eya miaɖo toe.“


Elabena nusi se la mete ŋu wo o, esime wògbɔdzɔ to ŋutilã me la, Mawu wɔe, eye wòdo ye ŋutɔ Via ɖo ɖa le nuvɔ̃ŋutilã ƒe sɔsɔ me, eye le nuvɔ̃ ŋuti wodoe ɖa ɖo, eye wobu to nuvɔ̃ la le ŋutilã me,


amesiwo to nye fofoawo, amesiwo me Kristo hã dzo tso le ŋutilã nu, amesi nye Mawu, si ƒo wo katã ta la, amesi wokafuna yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.


Ke esi azãgbe la ɖo vo la, Mawu dɔ ye ŋuta Via ɖo ɖa, eye nyɔnua ɖe dzii, eye wodzii ɖe se la te,


Eyata ele na mí bena, míalé to ɖe nusiwo miese la ŋuti geɖe wu, bene miagato eŋuti ayi o.


eye esi wowɔe blibo la, ezu agbexɔxɔ mava ƒe gɔmeɖola na amesiwo katã ɖoa toe,


Yesu Kristo ƒe nyaɖeɖefia, si Mawu tsɔ nɛ, be wòafia nusiwo lava ve me kaba la, eƒe dɔlawo la, enye esi; eye wòto eƒe mawudɔla, si wòdɔ ɖa la, dzi heɖe wo me fia eƒe dɔla Yohanes,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa