Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 3:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Eyata mitrɔ le miaƒe dzi me, eye migbugbɔ, be woatutu miaƒe nuvɔ̃wo,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 Ke azɔ la, nɔviwo, mitrɔ dzi me, miatrɔ ɖe Mawu ŋu, be wòatutu miaƒe nu vɔ̃wo ɖa, eye miaxɔ fafa tso aƒetɔ la gbɔ,

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 3:19
73 Mawu Ofanana  

Alesi ɣedzeƒe didi tso ɣetodoƒe gbɔe la, nenema wòte mía dzidadawo da boo tso mía gbɔe.


Megatsɔm ƒu gbe le ŋkuwò me o, eye megaxɔ wò gbɔgbɔ kɔkɔe la le asinye o!


Tsɔ akutsa klɔ nye nuvɔ̃ ɖa, ne ŋunye naɖi; le tsi nam, ne matu tititi wu ɖetifu!


Nyee, nyee atutu wò dzidadawo ɖa le nye ŋutɔ ɖokuinye ta, eye nyemaɖo ŋu wò nuvɔ̃wo o.


Mena wò dzidadawo bu abe atu ene kple wò nuvɔ̃wo abe alilikpo ene; trɔ va gbɔnye, elabena meɖe wò.


Yehowa ƒe amesiwo wòxɔ ƒle la, atrɔ gbɔ, woava Zion kple aseyetsotso, eye dzidzɔ mavɔ anɔ woƒe ta me; vivisese kple dzidzɔ asu wo si, eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo.


Na dukɔ sia ƒe dzi naku atri, tsi to nɛ, eye natre eƒe ŋkuwo, ne magakpɔ nu kple eƒe ŋkuwo, wòase nu kple eƒe towo, eye wòase nu gɔme kple eƒe dzi, ne wòatrɔ la me, eye eƒe lãme nahaya o.


ne mata avɔ na Zion ƒe konyifalawo, mana atsyɔ̃ɖoɖo wo ɖe dzowɔ teƒe, dzidzɔmi ɖe konyifafa teƒe, atsyɔ̃vɔ ɖe gbɔgbɔ, si nu ti kɔ na teƒe, eye woayɔ wo be „dzɔdzɔenyenye ƒe logotiwo“, „Yehowa ƒe atibɔ“, si wòbe, yeatsɔ ade bubu eɖokui ŋu.


Woanya wo viwo le dukɔwo dome kple woƒe dzidzimeviwo le anyigba dzi dukɔwo dome. Amesiwo katã kpɔ wo la, adze si wo be, ƒome, si Yehowa yra la wonye.


Amea ɖe menya nu o Yuda ƒe aƒe la ase vɔ̃, siwo katã meɖo be, mawɔ wo la, eye amesiame atrɔ tso eƒe mɔ vɔwo dzi, eye matsɔ woƒe vodadawo kple woƒe nuvɔ̃wo ake wo.


Yehowa be: Le ŋkeke mawo me, le ɣemaɣi la woadi Israel ƒe vodada, ke manɔ anyi o, eye womagakpɔ Yuda ƒe nuvɔ̃wo o, elabena matsɔe ake amesiwo makpɔtɔ ɖi.


Mina míaɖo míaƒe zɔzɔme a pɔ, míadzro eme akpɔ, eye míatrɔ ɖe Yehowa ŋu!


Yehowa, trɔ mí ɖe ŋuwò, ne míatrɔ; wɔ míaƒe ŋkekewo yeye abe tsa ene.


Gblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe be: Ame vɔ̃ɖi ƒe ku mevivia nunye o, negbe be, ame vɔ̃ɖi naɖe asi le eƒe zɔzɔme ŋu, ne wòanɔ agbe boŋ ye. Israel ƒe aƒe, miɖe asi le miaƒe zɔzɔme vɔ̃ɖiwo ŋu, miɖe asi le wo ŋu, nukaŋuti miehe, yewoaku ɖo?


Dzɔgbevɔ̃e siawo katã va mía dzi, abe alesi woŋlɔe ɖe Mose ƒe sea me ene; ke míeƒo koko na Yehowa, mía Mawu la, ne míaɖe asi le míaƒe vodadawo ŋu, eye míalé ŋku ɖe eƒe nyateƒe ŋu o.


Israel, gatrɔ ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu, elabena wò vodadawoe tsɔ wò ƒu anyi.


Midze miaƒe dziwo, menye miaƒe awuwo o, eye migatrɔ ɖe Yehowa, mia Mawu la ŋu! Elabena amenuvela kple nublanuikpɔla wònye, egbɔa dzi ɖi blewu, amenuveve bɔ ɖe esi, eye vɔ̃wɔwɔ venɛ.


elabena dukɔ sia ƒe dzi ku atri, eye woƒe towo sẽ, eye womiã woƒe ŋkuwo, bena woagakpɔ nu kple ŋkuwo o, eye woagase nu kple towo o, eye woagase nu gɔme kple dzi, ne woatrɔ, eye mada gbe le wo ŋu o.“


Eye wògblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Ne mietrɔ, eye miezu abe ɖeviwo ene o la, miele yiyi ge ɖe dziƒofiaɖuƒe la me akpɔ o.


Eye wòatrɔ Israel-viwo dome ame geɖewo ava Aƒetɔ, woƒe Mawu la gbɔ.


Ke egbe nu le egbɔ gblɔ bena: Nyɔnu, nyemenya eyama o.


Azɔ amesiwo kpe ta la, biae gblɔ bena: Aƒetɔ, ɖe nègale fiaɖuƒe la ɖo ge ɖo na Israel le ɣeyiɣi sia mea?


Eye esi wose nya siawo la, wozi ɖoɖoe, eye wokafu Mawu gblɔ bena: Ekema Mawu na dzimetɔtrɔ trɔ̃subɔlawo hã hena agbe.


Eye Aƒetɔ ƒe asi li kpli wo, eye ame geɖewo xɔe se, eye wotrɔ va Aƒetɔ la gbɔ.


Azɔ woawo la, esi hame la dɔ wo ɖa la, woto Foinike kple Samaria hele trɔ̃subɔlawo ƒe tɔtrɔŋutinya xlẽm fia. Eye wòzu dzidzɔ gã na nɔviawo katã.


eye wòwɔ bena, amewo ƒe dukɔ sia dukɔ tso ʋu ɖeka me le anyigba da ƒe ŋku me: eye wòɖo azãgbewo kple woƒe nɔƒe ƒe liƒowo da ɖi;


Eye Petro gblɔ na wo bena: Mitrɔ le miaƒe dzi me, eye mia dome amesiame nana woade mawutsi ta nɛ ɖe Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi hena miaƒe nuvɔ̃wo ƒe keke, eye miaxɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe wòanye nunana.


Elabena nenem dukɔ sia ƒe dzi ku atri, eye woƒe towo sẽ, eye womesea nu o, eye womiã woƒe ŋkuwo, be woagakpɔ nu kple woƒe ŋkuwo, eye woase nu kple woƒe towo, eye woase nu gɔme kple woƒe dzi, ne woatrɔ, eye mada gbe le wo ŋu o.“


bena ne gbɔɖemeɣi nava tso Aƒetɔ la ƒe ŋku me, eye wòadɔ Kristo Yesu, si woɖo ɖi na mi la ɖa.


Amesi wòle na dziƒo be, wòaxɔ tsã vaseɖe nuwo katã ƒe ɖɔɖɔɖoɣi la dzi, esiwo ŋuti Mawu ƒo nu le, to eƒe nyagblɔɖila kɔkɔewo katã ƒe nu me tso xexeme ƒe gɔmedzedzea me la.


Elabena nɔvinyewo, nyemele didim bena, nenem nya ɣaɣla sia nanɔ manyamanya ɖe mi o, bene miagabu mia ɖokui aɖaŋudzelawo o bena, dzimesesẽ va Israel ƒe amea ɖewo dzi, halase esime trɔ̃subɔlawo ƒe dedeme blibo la nava yi ɖe eme,


ne ava, bena wòakpɔ ŋutikɔkɔe le eƒe ame kɔkɔewo me, eye woawo nuku na amewo le dzixɔsetɔwo katã ŋuti le ŋkeke ma dzi; elabena miexɔ míaƒe ɖaseɖiɖi dzi se.


eye mi amesiwo kpo xaxa la, ana gbɔɖeme mi kpakple mí katã siaa le Aƒetɔ Yesu Kristo kple eƒe ŋusẽ ƒe dɔlawo ƒe ɖeɖefia tso dziƒo la me


amesi gbea nya le dzigbɔɖeanyi me na amesiwo tsia tre ɖe mawunya ŋu, ɖewo Mawu ana dzimetɔtrɔ wo, bene woadze si nyateƒe la,


Eyata esi eƒe dzudzɔ me yiyi ŋugbedodo gali na mi ŋutilã, minɛ miavɔ̃, bene woagakpɔ mía dome amea ɖeke be, etsi eŋuti o


Elabena miele abe alẽ tatrawo ene; ke azɔ la mitrɔ va miaƒe luʋɔwo ƒe kplɔla kple dzikpɔla la gbɔ.


Ke, lɔlɔ̃tɔwo nu ɖeka sia naganɔ ɣaɣla ɖe mi o bena, te Mawu gbɔ la ŋkeke ɖeka le abe ƒe akpe ɖeka ene, eye ƒe akpe ɖeka hã abe ŋkeke ɖeka ene.


Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku mè, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevea ɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa