Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 3:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye esi Petro kpɔe la, egblɔ na dukɔ la bena: Israel-ŋutsuwo, nukaŋuti miaƒe mo wɔ yaa le amesia ŋuti mahã? Alo nuka wɔ, eye mielé ŋku ɖe mia dzi gã, abe ɖe mieto mia ŋutɔwo ƒe ŋusẽ, alo vɔvɔ̃ na Mawu dzi wɔ be, amesia le azɔli zɔm ene?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Esi Petro kpɔ esia la, egblɔ na wo be, “Israeltɔwo, nu ka ta nuwɔna sia wɔ nuku na mi? Nu ka ta mile mía kpɔm abe míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ alo míaƒe kɔkɔenyenye tae míete ŋu da gbe le ame sia ŋu, ale be wòte ŋu le zɔzɔm ɖo mahã?”

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 3:12
15 Mawu Ofanana  

Woɖo eŋu nɛ bena: Míeku drɔ̃e, gake amesi aɖe egɔme, meli o. Tete Yosef gblɔ na wo bena: Alo drɔ̃e gɔmeɖeɖe la menye Mawu fɔe oa? Gake milii nam ko!


Tete Yosef ɖo ŋu na Farao bena: Gbeɖe, menye nyee o; ke Mawu agblɔ nusi enyo la na Farao.


Amesi le nu ƒom le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, dia ye ŋutɔ ƒe kafukafu: ke amesi le amesi ɖoe ɖa la ƒe kafukafu dim la, eyae nye nyateƒetɔ, eye nu madzɔmadzɔ mele eyama me o.


Ŋutsuwo, nɔviwò, Abraham ƒomeviwo kple mia dome amesiwo vɔ̃a Mawu la, miawoe wotsɔ xɔxɔnya sia ɖo ɖa.


Israel-ŋutsuwo, miɖo to nya siawo! Yesu, Nazaretetɔ la, ŋutsu, si ŋuti Mawu na kpeɖoɖodzi mi le to nu dzɔtsuwo kple nukunuwo kple dzesiwo, siwo Mawu wɔ to eyama dzi le mia titina la me, abe alesi mia ŋutɔwo mienyã ene;


Eye esi wòmiã eɖokui ɖe Petro kple Yohanes ŋu la, dukɔ blibo la katã si du va ƒo ƒu ɖe wo gbɔ le akpata, si woyɔna be Salomo ƒe akpata la me, eye woƒe nu ku.


Abraham kple Isak kple Yakob ƒe Mawu la, mia fofowo ƒe Mawu la, kɔ eƒe dɔla Yesu ŋuti, amesi miawo mietsɔ de asi, eye miegbe nu le egbɔ le Pilato ƒe ŋku me, esi ame ma tso afia bena, yeaɖe asi le eŋu.


Azɔ mele gbɔgblɔm be: Alo ɖe Mawu gbe eƒe dukɔ la mahã? Gbeɖe! Elabena nye hã Israeltɔ menye tso Abraham ƒome kple Benyamin-to la me.


amesiwo nye Israeltɔwo, amesiwo to nye vinyenye la kple ŋutikɔkɔe la kple nubablawo kple senana la kple mawusubɔsubɔ la kpakple ŋugbedodoawo;


Menye bena miede enu le mia ɖokui si, be miasusu nane abe mia ŋutɔwo mía ɖokui mee wòtso ene o; ke mía nudede la tso Mawu gbɔ boŋ,


Eye amegã xoxoawo dometɔ ɖeka ɖo ŋu gblɔ nam bena: Amekawoe nye esiawo do awu ʋlaya ɣiwo, eye afika wotso mahã?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa