Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 3:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye Petro kple Yohanes woyi ɖe mawuxɔ me le gbedoɖaɣi, si nye gaƒoƒo asiekelia dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Gbe ɖeka le ɣetrɔ ga etɔ̃ me la, Petro kple Yohanes woyina gbedoxɔ la me be yewoado gbe ɖa abe ale si wowɔnɛ ɖaa ene.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 3:1
27 Mawu Ofanana  

Esime nuɖuvɔsaɣi ɖo la, nyagblɔɖila Eliya te va hegblɔ bena: Yehowa, Abraham kple Isak kpakple Israel ƒe Mawu, egbe nana woanyae be, wòe nye Mawu le Israel, eye menye wò dɔla, eye be mewo nusiawo katã le wò nya nu.


Ke nyea meyɔ Mawu, eye Yehowa xɔ nam.


Me alẽvi ɖeka le ŋdi, eye alẽvi evelia le fiẽ.


Ale fia Dario de ŋkɔ nuŋɔŋlɔ la le, eye wòde se la.


esi megale gbe dom ɖa la, ŋutsu Gabriel, si mekpɔ le ŋutega me tsã la, dzo va gbɔnye le flẽvɔsaɣi.


Nawu alẽvi ɖeka le ŋdi, eye nawu alẽvi evelia le fiẽ.


Le ŋkeke ade megbe la Yesu tsa Petro kple Yakobo kple nɔvia Yohanes kpe ɖe eɖokui ŋuti, eye wòkplɔ wo yi to kɔkɔe ɖe dzi, woawo ɖeɖe.


Eye wotsɔ Petro kple Zebedeo ƒe ŋutsuvi eveawo kpe ɖe eɖokui ŋuti, eye wòde asi nuxaxa me kple dzodzo me nyanyanya.


Ke tso gaƒoƒo adelia dzi la zãdokeli do de anyigba la katã dzi vaseɖe gaƒoƒo asiekelia dzi.


Eye ameha blibo la katã le gbe dom ɖa le gota le numeɣi la.


Ame eve yi mawuxɔ me, be yewoado gbe ɖa; ɖeka nye farisitɔ, eye evelia nye nudzɔla.


Eye wòdɔ Petro kple Yohanes gblɔ bena: Miheyi ɖadzra ŋutitotolẽvi la ɖo na mi, be miaɖu.


eye wonɔa mawuxɔ la me ɖaa henɔa Mawu kafum.


Tete nusrɔ̃la ma, si Yesu lɔ̃na la, gblɔ na Petro bena: Aƒetɔ lae! Azɔ esi Simon Petro se bena, Aƒetɔ lae la, etso eƒe dziwui sa ɖe ali, elabena amama wòle, eye wòdzo kpo dze ƒu la me doo.


Ekpɔ le ŋutega me kɔte anɔ ŋkeke ƒe ga asieke me bena, mawudɔla ɖe va egbɔ le eme, eye wògblɔ nɛ bena: Kornelio!


Eye Kornelio gblɔ be: Egbee nye ŋkeke eneagbe, esi metsi nu ɖo vaseɖe gaƒoƒo sia dzi, eye le gaƒoƒo asiekelia dzi la mele gbe dom ɖa le aƒenye me, eye kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe le tsitre ɖe ŋkunye me le awu, si le dzo dam la me,


Eye gbesiagbe wonɔa gbedoxɔ me kple tame ɖeka, eye wole abolo kam le aƒe sia aƒe me, eye woɖua nu kple dzidzɔ kpakple dzimekɔkɔ


Eya la, esi wòkpɔ Petro kple Yohanes woyina ɖe mawuxɔa me la, ebia nunana wo.


Ke Petro kple Yohanes wokpɔe du gblɔ bena: Kpɔ mi ɖa!


Ke esi wokpɔ Petro kple Yohanes ƒe dzideƒo, eye wose bena, ame masrɔ̃nuwo kple ame manyanuwo wonye la, woƒe mo wɔ yaa, eye wodze si wo hã bena, woa kple Yesu wonɔ anyi.


Ke amea ɖe va ka eta na wo bena: Kpɔ ɖa, ŋutsu, siwo mietsɔ de gaxɔ me la, wole tsitre ɖe mawuxɔ me, eye wole nu fiãm dukɔ la.


Tete la esi apostolo, siwo le Yerusalem la, se bena, Samaria xɔ mawunya la, woɖo Petro kple Yohanes ɖe wo gbɔ;


eye esi wodze si amenuveve, si wotsɔ nam la, tete Yakobo kple Kefa kpakple Yohanes, amesiwo wobuna bena, wonye sɔtiwo la, wona habɔbɔ ƒe asi mía kple Barnaba, bene míawo míayi trɔ̃subɔlawo gbɔ, ke woawo woayi aʋatsotsotɔwo gbɔ;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa