Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 28:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye wòva me bena, Publio fofo mlɔ anyi le ŋudza lém, eye wòle sisi ɖem, eye Paulo yi ɖe egbɔ, eye wòdo gbe ɖa hetsɔ eƒe asi ɖa ɖe edzi, eye wòyɔ dɔe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Publio fofo ƒe lãme menɔ kɔkɔm tututu o, elabena asrã kple kpetadɔ nɔ fu ɖem nɛ. Paulo yi egbɔ, do gbe ɖa, heda asi ɖe edzi ale be eƒe lãme sẽ.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 28:8
22 Mawu Ofanana  

Eye wòyɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo va egbɔ, hena ŋusẽ wo ɖe gbɔgbɔ blibawo dzi bena, ne woanyã wo aɖo goe, eye ne woaɖe dɔlélewo kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖa.


Mida gbe le dɔlélawo ŋu, migbɔ agbe ame kukuwo: mina anyidzelawo ŋuti nakɔ, eye minyẽ gbɔgbɔ vɔwo do goe. Faa miexɔe, faa minae.


Tete wògblɔ na ame la bena: Mlo wò asi! Eye wòmloe, eye wògaɖɔ ɖo zu blibo abe ekeme ene.


Esi wòle nusiawo gblɔm na wo la, kpɔ ɖa, amegãa ɖe va dze klo nɛ gblɔ bena: Ye nyɔnuvi ku fifi laa; gake la va natsɔ wò asi ada ɖe edzi, eye woagbɔ agbe.


Woalé dawo, eye ne wono nu wuame hã la, mele wo si ge o; woatsɔ woƒe asiwo aɖo dɔlélawo dzi, eye woƒe lãme lasẽ.


eye wòɖe kuku nɛ vevie ŋuta gblɔ bena: Vinyenyɔnuvi ɖo kudo nu, va ne natsɔ wò asi ada de edzi, bena eƒe lãme nasẽ, eye wòatsi agbe.


Eye mete ŋu wɔ ŋusẽdɔa ɖeke le afima o, negbe dɔléla ʋeea ɖewo ko ŋu wòda gbe le, le esime wòda asi ɖe wo dzi.


Eye wotsɔ amea ɖe, si nye tokunɔ kple aɖetututɔ la, va egbɔ, eye woɖe kuku nɛ bena, wòatsɔ eƒe asi ada ɖe edzi.


Tete wòtsɔ eƒe asiwò do edzi, eye wòdzo enumake, eye wòkafu Mawu.


Eye esime ɣe le to ɖom la, amesiwo katã si dɔléla bubu ƒomeviwo le la, wotsɔ wo va egbɔ, eye wòda asiwo ɖe wo dome ɖesiaɖe dzi ɖekaɖeka heda gbe wo ŋu.


Eye le afima nuto me la anyigbae ɖe li, si nye ƒukpo la ƒe amegã, si ŋkɔ nye Publio la tɔ; eya xɔ mí nyuie hewɔ amedzro na mí ŋkeke etɔ̃ sɔŋ.


Azɔ esi esia va me la, ame mamlɛ, siwo le dɔwo lém le ƒukpoa dzi la, hã va egbɔ, eye wòyɔ dɔ wo,


Eye esi Petro nyã wo katã do go la, edze klo, eye wòdo gbe ɖa; eye wòtrɔ ɖe ame kukua gbɔ gblɔ bena: Tabita, tsi tre! Eye eya la ʋu eƒe ŋkuwo, eye esi wòkpɔ Petro la, efɔ bɔbɔ nɔ anyi.


Eye Mawu ɖo amea ɖewo le ha me: Gbãtɔ apostolowo, evelia nyagblɔɖilawo, etɔ̃lia nufialawo, emegbe la ŋusẽdɔwɔwɔwo, eya megbe la dɔyɔyɔ ƒe amenuvevenunanawo, kpeɖeŋutɔwo, dzikpɔlanyenyewo, gbegbɔgblɔ bubu ƒomeviwo.


ame bubu la xɔse le Gbɔgbɔ ma ke me; ame bubu la dɔyɔyɔ ƒe amenuvevenunanawo le Gbɔgbɔ ɖeka ma me;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa