5 Gake eya ʋuʋu lã la ɖe dzo la me, eye nu vevia ɖeke mewɔe o.
5 Ke Paulo ʋuʋu da la le alɔnu ɖe dzo bibi la me, eye naneke mewɔe o.
Azɔ dzata kple ƒli dzi, eye enya avuzi le dzatavi kple ʋɔ driba dzi.
Woalé dawo, eye ne wono nu wuame hã la, mele wo si ge o; woatsɔ woƒe asiwo aɖo dɔlélawo dzi, eye woƒe lãme lasẽ.
Kpɔ ɖa, mena ŋusẽ mi be, míado afɔ dawo kple dzidegbewo kpakple ketɔ la ƒe ŋusẽ katã dzi, eye naneke meli, si awɔ vɔ̃ mi gbeɖe o.
Ke woawo le mɔ kpɔm nɛ bena, ate alo adze anyi aku enumake; eye esi wolala ʋuu, eye wokpɔ bena, naneke mewɔe o la, wotrɔ woƒe tamesusu hegblɔ be, mawua ɖee.
Ke ŋutifafa Mawu la agbã Satana ɖe miaƒe afɔwo te gudugudu kpuie. Mía Aƒetɔ Yesu ƒe amenuveve la nanɔ anyi kpli mi katã!