Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 28:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ke esi afimatɔwo kpɔ lã la xatsa ɖe eƒe asi ŋu la, wogblɔ na wo nɔewo bena: Ɖikekea ɖeke mele eme o bena, amesia nye hlɔ̃dola, eye esi wòkpɔ ɖeɖe tso ƒu me hã la, Mawu ƒe hlɔ̃biabia meɖe mɔ ne be, wòanɔ agbe o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Nu sia wɔ nuku, eye wòdo vɔvɔ̃ na ame siwo nɔ afi ma ŋutɔ, ale wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame sia la, hlɔ̃dola vɔ̃ɖi aɖee wònye; togbɔ be metsi ƒu me ku o hã la, Mawu ƒe hlɔ̃biabia melɔ̃ be wòatsi agbe o.”

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 28:4
20 Mawu Ofanana  

Ke da dze aye wu gbemelã, siwo katã Yehowa Mawu wɔ la, eye wògblɔ na nyɔnu la bena: Vavãe Mawu gblɔ bena, migaɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetsea ɖeke o mahã?


Amesi dzi hlɔ̃fe le, ne esi vaseɖe aʋli me ke hã, amea ɖeke megalée o!


Elabena Yehowa ado tso enɔƒe, ne wòaxe anyigbadzitɔwo ƒe vodada ŋu fe na wo, anyigba aklo nu le eƒe ʋu dzi, eye magatsyɔ nu amesiwo wowu ɖe edzi la dzi o.


Gbemelãwo, amegãxiwo kple golowo akafum, elabena mena tsi ɖo gbe dzi, eye tɔsisiwo ɖo gbegbe, ne mana tsi nye dukɔ, nye ame tiatiawo, ne woano.


Ɖe ɖu, si nɔa aseye tsom, eye wòli bɔkɔɔ henɔa gbɔgblɔm le eƒe dzi me be: Míawoe nye gɔglɔ̃mitɔgɔ̃wo la, nye esia? Ke azɔ la ezu gbegbe kple gbemelãwo mlɔƒe, eye amesiame, si ato eŋu ayi la, ado tsiã, eye wòaʋuʋu asi.


bena nu dzɔdzɔe ƒe ɖesiaɖe, si woda ahe le anyigba dzi la, nava mia dzi, tso Abel, ame dzɔdzɔe la, ƒe du la dzi vaseɖe Zaxarya, Baraxya vi la ƒe ʋu la dzi, amesi miewu le mawuxɔ kple vɔsamlekpui la dome.


Eye dukɔ blibo la katã xɔ dzi bena: Eƒe ʋu neva mía kple mía viwo dzi!


Eye wòxɔ dzi gblɔ na wo bena: Ɖe miesusu bena, Galileatɔ siawo nye nuvɔ̃wɔlawo wu Galileatɔwo katã, elabena wokpe fu siawo mahã?


Alo ame wuienyi ma, siwo dzi Siloamɔ̃ mu dze, eye wowu wo la, ɖe miesusu bena, woawoe nye tenyilawo wu amesiwo katã no Yerusalem mahã?


Migatrɔ̃ ʋɔnu le dzedze nu o; ke boŋ midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.


Eye menye dɔmenyonyo via ɖe afimatɔwo wo na nu o; elabena wodo dzo, eye woxɔ mi katã ɖe egbɔ le tsidzadza kple vuvɔ ŋuti.


Ke esi Paulo fɔ nake wuwluiwo ƒo ƒu heɖe dzo me la, da do tso wo me le dzoxɔxɔ la ŋuti, eye wòlé ɖe eƒe asi ŋu.


Gake eya ʋuʋu lã la ɖe dzo la me, eye nu vevia ɖeke mewɔe o.


Ke vɔvɔ̃nɔtɔwo kple dzimaxɔsetɔwo kple fewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple matrewɔlawo kple afakalawo kple trɔ̃subɔlawo kple aʋatsokalawo katã la woakpɔ wo tɔ gome le ta, si le bibim kple dzo kpakple dzokpe la me Esia enye ku evelia.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa