Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 27:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye esi mieho tso afima la, mieɖo abala to Kipro ƒe anyiehe; elabena ya ƒo le mia kpem.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Esi míegadze mɔ tso afi ma teti ko la, míedo abala to Kipro ƒukpo la ƒe anyiehe gome, elabena ya sesẽ aɖe ƒo va kpe mí.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 27:4
10 Mawu Ofanana  

Ke ʋu la do ƒu titina xoxo, eye ƒutsotsoewo le enyamam, elabena ya ƒo le ʋu la kpem.


Eye wòkpɔ wo wole fu kpem le ʋuakuku me; elabena ya ƒo le wo kpem Eye ano zã ƒe ŋudzɔɣi enelia me la ele ƒu dzi zɔm gbɔna wo gbɔ, eye wòdi be, yeato wo ŋuti ayi;


Ke eva ve me le ŋkeke mawo dome ɖeka dzi bena, eya ŋutɔ kple eƒe nusrɔ̃lawo yi ɖe ʋua ɖe me, eye wògblɔ na wo bena: Mina ne míayi ta la godo, eye woɖe ʋu yi.


Azɔ woawo la, esi Gbɔgbɔ kɔkɔe la dɔ wo ɖa la, wova Seleukia, eye tso afima woɖo ʋu yi Kipro.


Eye wòzu dɔmedzoe na wo, eye womã tso wo nɔewo gbɔ. Barnaba tsɔ Marko kpe ɖe eɖokui ŋu, eye woɖo ʋu yi Kipro.


Eye nusrɔ̃laa ɖewo hã tso Kaisarea yi kpli mí, eye wokplɔ mi de asi na Mnason, nusrɔ̃la xoxoa ɖe tso Kipro, amesi gbɔ miadze.


Eye esi Kipro le dzedzem, eye míeɖee ɖe mia me la, míeyi Siria; eye míeɖi go ɖe Tiro; elabena afima ʋua le eƒe agbawo ku ge ɖo.


Eye esi miezɔ blewu ŋkeke geɖe, eye bebli hafi mieva ɖo Knido kasa la, ya la mena mɔ mí o, eye mieto Kreta ƒe anyiehe va ɖo Salmone kasa,


Ke Yosef, amesi apostolowo yɔna hã be Barnaba, esi ƒe gɔme woɖe bena akɔfafavi, si nye Lewitɔ, amesi wodzi le Kipro la, agble le esi,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa