Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 27:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Ke azɔ la mele nu xlɔ̃m mi bena, miaƒe dzi nadze eme, elabena mia dome amea ɖeke ƒe agbe mele bubu ge o, negbe ʋua ko.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

22 Ke milé dzi ɖe ƒo elabena togbɔ be tɔdziʋua anyrɔ hã la, mía dometɔ aɖeke mele tsɔtsrɔ̃ ge o.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 27:22
14 Mawu Ofanana  

Tete Yexiel vi Sexanya, amesi tso Elam viwo dome la, xɔ edzi gblɔ na Ezra bena; Mieto vo ɖe mia Mawu la ŋu, be míeɖe nyɔnu tutɔwo tso anyigba dzi dukɔwo dome, ke mɔkpɔkpɔ gale Israel ŋu le esia ta.


Tete Satana ɖo ŋu na Yehowa gblɔ bena: Ŋutigbalẽ ɖe ŋutigbalẽe teƒe, eye amegbetɔ atsɔ nusiwo katã te esi la, ana be eƒe agbe ta.


Nya vɔ̃ sesea ɖeke madzi ŋɔ nɛ o, eƒe dzi dzea eme, eye wòɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu.


Eye le ŋkeke, si dze eyome ƒe zã me la, Aƒetɔ la le tsitre ɖe egbɔ gblɔ bena: Wo dzi nèdze me; elabena alesi nèɖi ɖase le ŋutinye le Yerusalem la, nenema ke wòle be, naɖi ɖase le Roma hã.


Eyaŋuti, mía; tɔwo, miaƒe dzi nèdze me, elabena mexɔ Mawu dzi se bena, ava me nenema, abe alesi wògblɔ; nam ene.


Paulo gblɔ na aʋafia la kple asrafoawo bena: Ne amesiawo menɔ ʋua me o la, miate ŋu akpɔ ɖeɖe o.


Eyata meɖe kuku na mi bena, miatsɔ nu aɖu, elabena esia nyo na miaƒe xɔxɔ: elabena mia dometɔa ɖeke ƒe taɖa ɖeka mabu atso eta o.


Tete wo katã ƒe dzi dze eme, eye woa ŋutɔwo hã tsɔ nu ɖu.


eye ame mamleawo lã ɖewo nanɔ ʋuƒowo dzi, eye ɖewo nanɔ ʋua ƒe kakɛa ɖewo dzi. Eye ale wòva me bena, wo katã wòde gota dedie.


Eye Dawid xaxa ŋutɔ, elabena aʋakɔ la be, yeaƒu kpee, elabena dzi ku aʋakɔ blibo la dome amesiame le viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo ta; ke Dawid tsɔ eƒe Mawu, Yehowa, do ŋusẽ eɖokui.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa