Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 27:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye esi woɖoe bena, miaɖo nu ayi Italia la, wotsɔ Paulo kple gatɔ bubua ɖewo de aʋafiaa ɖe, si ŋkɔ enye Yulio tso, kaisaro ƒe asrafoha dome la si.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Mlɔeba la, woɖoe be míadze mɔ ayi Italia kple tɔdziʋu. Wotsɔ Paulo kple gamenɔla bubu aɖewo de asi na Yulio si nye Kaisaro ƒe asrafowo ƒe amegã ɖeka be wòakplɔ wo ayii dedie.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 27:1
29 Mawu Ofanana  

Miawo miesusu vɔ̃ ɖe ŋunye, ke Mawu trae wòzu nyuie, be yeawɔe axɔ ame geɖe ɖe agbe, abe alesi miele ekpɔmi egbegbe ene.


Yehowa ƒe adaŋudede li tegbee, eye eƒe dzimesusuwo tso dzidzime yi dzidzime.


esime Mawu tso ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu, ne wòaxɔ na anyigba dzi hiãtɔwo katã. Sela.


Tameɖoɖo geɖewo le amegbetɔ ƒe dzi me; ke Yehowa ƒe aɖaŋudede nɔa anyi.


Enye na ŋutsu be, wòatsɔ kɔkuti le eƒe ɖevime.


Ke esi aʋafia la kple amesiwo kpe ɖe eŋuti hele Yesu dzɔm la, kpɔ anyigbaʋuʋu kple nusiwo va dzo la, wovɔ̃ ŋuta hegblɔ bena: Nyateƒe, Mawuvie nye esia!


Eye esi asrafowo dzikpɔla kpɔ nusiwo va dzɔ la, ekafu Mawu gblɔ bena: Vavã amesia nye ame dzɔdzɔe.


Eye aʋafiaa ɖe ƒe dɔla, si nye ame vevi nɛ la, le dɔ lém ɖo kudo nu.


Eye ŋutsua ɖe le Kaisarea, eŋkɔe nye Kornelio, amesi nye aʋafia le asrafoha, si woyɔna bena Italiatɔwo tɔ la nu,


Eye wogblɔ bena: aʋafia Kornelio, ame dzɔdzɔe kple amesi vɔ̃a Mawu, amesi ŋuti Yuda-dukɔ blibo la katã ɖi ɖase nyuie le la, eya mawudɔla kɔkɔea ɖe de se na be, nedɔ, ne woayi ɖayɔ wò va eƒe me, bena wòase nyawo tso gbɔwò.


Eye esi wòkpɔ ŋutega la la, enumake miedi be, míayi Makedonia, esi miedze sii pete bena, Mawue yɔ mí ɖa, be miagblɔ nyanyuie la afia wo.


Eye wòkpɔ Yudatɔa ɖe, eŋkɔe nye Akwila, si wodzi le Ponto, amesi kple srɔ̃a Priskila wotso Italia va medidi o; elabena Klaudio ɖe se bena, Yudatɔwo katã nadzo le Roma; eye wòva wo gbɔ,


Eye esi wowu nusiawo nu vɔ la, Paulo ɖo le Gbɔgbɔ la me be, yeaɖato Makedonia kple Axaya ayi ɖe Yerusalem hegblɔ bena: Ne mede afima megbe la, maɖakpɔ Roma hã ɖa tsã.


Le gaƒoƒo ma ke dzi wòɖe asrafowo kple aʋafiawo kpe ɖe eɖokui ŋu, eye wòƒu du ɖi yi ɖe wo dome; ke woawo la, esi wokpɔ aʋafia gã la kple asrafoawo la, wodzudzɔ Paulo ƒoƒo.


Eye esi aʋafia la see la, eyi ɖatoe na aʋafia gã la bena: Nuka wɔ ge nala? Elabena amesia nye Romatɔ.


Eye le ŋkeke, si dze eyome ƒe zã me la, Aƒetɔ la le tsitre ɖe egbɔ gblɔ bena: Wo dzi nèdze me; elabena alesi nèɖi ɖase le ŋutinye le Yerusalem la, nenema ke wòle be, naɖi ɖase le Roma hã.


Tete Paulo ya aʋalawo dometɔ ɖeka va egbe gblɔ bena: Kplɔ ɖekakpui sia yi aʋafia gã la gbɔ, elabena nyaa ɖe le esi be, wòaka eta nɛ.


Eye wòde se na aʋafia la bena, Paulo nanɔ eƒe dzikpɔkpɔ te, eye wòana woagbɔ ɖe eme, eye megaxe mɔ na etɔwo dometɔa ɖeke be, megasubɔe o.


Tete esi Festo kple adaŋudelawo ɖe adaŋu la, eɖo ŋu bena: Kaisaro si me nètsɔ wò nya dee, kaisaro gbɔ kee nayi.


Ke esi nye la medze sii bena, mewo naneke, si dze ku o, eye eya ŋutɔ hã tsɔ eƒe nya de kaisaro si me la, meɖo bena, maɖoe ɖa.


Gake aʋafia la xɔ kuɖɔɖola kple ʋutɔ la dzi se wu nusiwo Paulo gblɔ la.


Gake esi aʋafia la le didim bena, yeaɖe Paulo la, exe mɔ na woƒe tameɖoɖo la, eye wòde se bena, amesiwo ate ŋu aƒu tsi la, nadzo kpo gbã adze ƒua me, ne wòayi gota,


Eye afima aʋafia la kpɔ Aleksandria-ʋua ɖe, si yina ɖe Italia, eye wòna mieɖoe.


Eye miekpɔ ɖeɖe, hafi nyae bena, Melite woyɔna na ƒukpo la.


Eye esi mieva Roma la, aʋafia la tsɔ gatɔwo de aʋafia gã la si; ke woɖe mɔ na Paulo bena, woanɔ etɔwo gbɔ kple asrafo, si dzaa eŋu.


Miɖuɖɔ mia nunɔlawo katã kple ame kɔkɔewo katã nam ƒã. Amesiwo tso Italia la, ɖuɖɔ mi ƒã.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa