Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 26:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Nye la mebu le ɖokuinye me bena, ele nam be, mawɔ nu geɖe, siwo atsi tre ɖe Yesu, Nazaretetɔ la, ƒe ŋkɔ la ŋuti.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 “Tsã la, mexɔe se be enye nye dɔdeasi be mawɔ funyafunya ƒomevi geɖewo ame siwo nye Yesu Nazaretitɔ la yomenɔlawo.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 26:9
16 Mawu Ofanana  

Ke woawo esiawo katã ɖe mia ŋuti le nye ŋkɔ la ta, elabena womenya amesi dom ɖa la o.


Ke Paulo ɖo ŋu gblɔ bena: Nukae nye esi wɔm miele hele avi fam, eye miele nye dzi gbãm mahã? Elabena nye la medzra ɖokuinye ɖo, menye be woabiam ɖeɖeko o; ke boŋ hã be maku le Yerusalem le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ la ta.


eye wògblɔ bena Nye la Yudatɔ menye, wodzim le Tarso le Kilikia; gake la du sia me wonyim le, eye Gamaliel ƒe ato nu wòfiã num le pɛpɛpɛ; le mía fofowo ƒe se la nu la ŋuʋãla ɖe Mawu ŋu menye, sigbe alesi mi katã miele egbe sia ene;


eye meti mɔ sia yome vaseɖe ku me ke, henɔa ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa biam, eye metsɔa wo dea gaxɔ me,


Eye meɖo ŋu bena: Wò amekae, Aƒetɔ? Eye wògblɔ nam bena: Nye enye Yesu, Nazaretetɔ, amesi yome tim nèle.


Elabena miekpɔ ŋutsu sia bena, enye dɔvɔ̃ kple amesi ɖea zi Yudatɔwo katã dome le xexeame godoo, eye wònye Nazaretɔwo ƒe kɔmamã ƒe amegã,


Eye azɔ la, nɔviŋutsuwo, menya bena, miewɔe le numanyamanya me abe miaƒe dziɖulawo hã ene.


Ke Petro gblɔ bena: Klosalo kple sika mele asinye o; gake nusi le asinye la, eya mana wò: Le Yesu Kristo, Nazaretetɔ la ƒe ŋkɔa me tsi tre, eye nazɔ azɔli!


Ke Saul, si galé ŋɔdzidodo kple hlɔ̃dodo ƒe gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo ɖe Aƒetɔ la ƒe nusrɔ̃lawo ŋuti la, yi ɖe nunɔlagã gbɔ,


elabena nye la mafiae alesi wòle nɛ be, wòakpe fu geɖe le nye ŋkɔ la ŋuti.


Elabena mele ɖase ɖim na wo bena, wole ŋu ʋãm ɖe Mawu ŋu, gake menye kple sidzedze o.


le ŋuʋaʋã nu la hame yometila menye; le dzɔdzɔenyenye, si le sea me nu la mokaka manɔŋutɔ menye.


nye amesi nye busunyagblɔla kple yometila kpakple vlodola tsã; ke wokpɔ nublanui nam, elabena mewɔe le numanyamanya me, le dzimaxɔse me.


Enumake dua me ŋutsuwo gblɔ na Yoas bena: Kplɔ viwò la doe, ne wòaku, elabena egbã Baal ƒe vɔsamlekpui, eye wòlã Asera, si le eŋu la ɖa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa