Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 26:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 bena Kristo lakpe fu, eye bena wòanye gbãtɔ le lãme kukuwo ƒe tsitretsitsi la me, eye wòaɖe gbe ƒã kekeli afia dukɔ la kple trɔ̃subɔlawo siaa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Nyagblɔɖilawo kple Mose gblɔ be, ‘Woawɔ funyafunya Kristo la, eyae anye ame gbãtɔ si afɔ tso ame kukuwo dome, eye wòahe Kekeli vɛ na Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o.’ ”

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 26:23
29 Mawu Ofanana  

Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la àɖu afɔkpodzi nɛ.


Nye Yehowa ye yɔ wò le dzɔdzɔenyenye me, melé wò alɔnu, eye mekpɔ tawò, eye metsɔ wò wɔ nubabla na dukɔ la kple kekeli na anyigba dzi dukɔwo,


Egblɔ bena: Nu tsɛ wònye be, nènye nye dɔla, ne nafɔ Yakob ƒe toawo ɖe tsitrenu, eye nakplɔ Israel ƒe amesiwo woɖe la agbɔe; metsɔ wò ɖo kekeli na dukɔwo hã, ne nanye nye xɔname vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.


Matrɔ amenuveve kple kokoƒoƒo ƒe gbɔgbɔ akɔ ɖe Ɖawlɖ ƒe aƒe kple Yerusalemtɔwo dzi, eye woafɔ ŋku ɖe amesi woƒo nu ɖo la dzi, woafa konyi nɛ, abe alesi wofaa: konyi na tenuvi ene, eye woafa avi nɛ vevie, abe alesi wofaa avi na vi ŋgɔgbea ene.


Yi, nyɔ ɖe nye lãkplɔvi kple ŋutsu, si mia kplii míebɔa ha la ŋu, Yehowa Zebaot ye gblɔe. Dza lãkplɔvi, ne lãha nakaka ahlẽ! Ke matrɔ nye asi ɖe ame tsewo ŋu.


Amegbetɔvi la le yiyim, abe alesi woŋlɔ ɖi le eŋuti ene; ke baba na nenem me, si lade Amegbetɔvi la asi! Enyo na nenem me la bena, womegaxae dzi o.


eye esi wodo go tso yɔdowo me le eƒe fɔfɔ megbe la, woyi ɖe du kɔkɔe la me, eye woɖe wo ɖokui fia ame geɖewo.


kekeli ƒe nyaɖeɖefia na trɔ̃subɔlawo kple wò dukɔ Israel ƒe ŋutikɔkɔe.


Alo mele na Kristo be, wòakpe nusiawo ƒe fu, eye wòayi ɖe eƒe ŋutikɔkɔe la me o mahã?


eye wògblɔ na wo bena: Nenema woŋlɔ ɖi bena: Kristo lakpe fu, eye wòatsi tre tso ame kukuwo dome le ŋkeke etɔ̃agbe;


Amea ɖeke mexɔe le asinye o, ke nye ŋutɔe tsɔe ɖo anyi le ɖokuinye si; ŋusẽ le asinye, be matsɔe ɖo anyi, eye ŋusẽ le asinye, be magatsɔe. Nenem se sia la mexɔa tso Fofonye gbɔ.


Yesu gblɔ nɛ bena: Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la; amesi xɔa dzinye sena la, ne eku hã la, anɔ agbe;


Ke esi wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye megale tɔtrɔ ge ayi de nyunyɔ me o la, egblɔ ale bena: „Matsɔ Dawid ƒe amenuveve, siwo li ke la, ana mi.“


be naʋu woƒe ŋkuwo, bena woatrɔ atso viviti me ava kekeli me, eye tso Satana ƒe ŋusẽ me ava Mawu gbɔ, bena woakpɔ nuvɔ̃wo ƒe keke kple domenyinyi le amesiwo ŋu wokɔ to dzinye xɔxɔse me la dome.


Ne Mawu fɔ ame kukuwo ɖe tsitre la, aleke wɔ miebu bena, enye nusi womate ŋu axɔ ase oa?


Ke ale Mawu wu nya, siwo wògblɔ ɖi to eƒe nyagblɔɖilawo katã ƒe nu me bena, eƒe Kristo akpe fu la nu.


Eye nyagblɔɖilawo katã tso Samuel dzi vaseɖe amesiwo katã dze eyome dzi, ame geɖe alesi nu ƒo nu la, wogblɔ nya fia le ŋkeke siawo hã ŋuti.


Elabena nusi nye hã mexɔ la, metsɔ de asi na mi gbãgbiagbã bena, Kristo ku le mia nuvɔ̃ ŋuti le ŋɔŋlɔ la nu,


amesiwo dome xexe sia me mawu gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu le la, bene Kristo, si nye Mawu ƒe nɔnɔme la, ƒe ŋutikɔkɔe nyanyuie la ƒe kekeli nagaklẽ na wo o.


eye eyamae nye ŋutilã, si nye hame la ƒe ta, amesi nye gɔmedzedze kple ŋgɔgbevi tso ame kukuwo dome, bene wòanye gbãtɔ na nuwo katã;


Elabena amesi ta nuwo katã ti ɖo, amesi me nuwo katã to va, amesi kplɔ vi geɖewo yi ɖe ŋutikɔkɔe me la, edzee bena, woawɔ wo xɔxɔ ƒe fia la blibo to fukpekpewo me.


eye tso Yesu Kristo, amesi nye ɖaseɖila nyateƒetɔ kple ame kukuwo ƒe ŋgɔgbetɔ kple anyigba dzi fiawo ƒe dziɖula la gbɔ! Amesi lɔ̃a mí, eye wòtso eƒe ʋu klo míaƒe nuvɔ̃wo ɖa le mía ŋuti,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa