Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 26:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye esi mi katã miedze anyi la, mese gbea ɖe ƒo nu nam le Hebri-gbe me bena: „Saul, Saul! Nuka wo nèle yonyeme tim? Esẽ na wò be, nada afɔkpo nutonu.“

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Mí katã míedze anyi. Enumake mese ame aɖe wònɔ nu ƒom nam le Hebrigbe me be, ‘Saulo, Saulo, nu ka ta nèle yonyeme tim ɖo? Afɔɖoɖo nutɔame dzi ɖe wòwɔa nu vevi ame.’

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 26:14
11 Mawu Ofanana  

Gɔmesese nyui hea ŋudzedzekpɔkpɔ vɛ; ke ame mawɔnuteƒewo ƒe mɔ kplɔa wo dea gbegblẽ me.


Yerusalem anye ahamuametre na dukɔwo katã godoo; eye ne woɖe to ɖe Yerusalem la, Yuda hã anɔ eme.


Tete wògblɔ nɛ bena: Ɖe abla naɖagblɔ na ɖekakpuivi ma bena: Yerusalem anɔ nuvo le ame kple lã geɖe, siwo anɔ eme la ta.


Eye esi wòna mɔe la, Paulo le tsitre ɖe atrakpuiawo dzi, eye wòɖo asi ameha la dzi; eye esi ɖoɖoe zi klene la, egblɔ na wo le Hebrigbe me bena:


Eye esi wose bena, ele nu ƒom na wo le Hebri-gbe me la, wogazi ɖoɖoe klene wu tsãtɔ;


Ɣeɖota, esime mele mɔ dzi la, fia, mekpɔ kekeli, si wu ɣe ƒe keklẽ la, tso dziƒo heklẽ ƒo xlã mia kple amesiwo le mɔ zɔm kpakplim la.


Eye nye la megblɔ bena: Wò amekae, Aƒetɔ? Eye Aƒetɔ la gblɔ bena: „Nyee nye Yesu, amesi yome tim nèle.


Ke ŋutsu, siwo le mɔ zɔm kplii la, tsi tre ɖi nu maƒomaƒoe; wole gbe la sem, gake womelé amea ɖeke kpɔm o.


Alo ɖe miana Aƒetɔ la naʋã ŋua? Ɖe míesesẽ wui mahã?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa