Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 26:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye mese ŋuta le wo ŋu enuenu le ƒuƒoƒeawo katã, eye mezia wo dzi, bena woagblɔ busunya, eye esi meku tsu gɔ̃ hã ɖe wo ŋuti la, metia wo yome yia du bubuwo ke hã me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Mewɔ funyafunya ƒomevi geɖewo Kristotɔ siawo le ƒuƒoƒewo katã be wogblɔ busunya. Melé fu ame siawo ale gbegbe be metia wo yome yia du bubuwo ke hã me.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 26:11
17 Mawu Ofanana  

Alɔ̃dɔdɔ zu dɔ, eye mele abe xevi tsi akogo le xɔta ene.


Esia nye vɔ̃ gã le nusiwo katã dzɔna le ɣea te la dome be, nye ɖeka tɔgbe dzɔna ɖe amewo katã dzi; eyata vɔ̃ɖiwɔwɔ yɔa amegbetɔviwoƒe dzi me, eye aɖaʋadzedze le woƒe dzi me le woƒe agbenɔɣi katã; ke emegbe la woayi kukuawo gbɔ.


Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le amewo ŋuti; elabena woade mi asi na ʋɔnudrɔ̃lawo, eye woaƒo mi kple atam le woƒe ƒuƒoƒewo;


Ke miawo la mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie; elabena woade mi asi na ʋɔnudrɔ̃lawo, eye woaƒo mi le ƒuƒoƒewo; eye míatsi tre ɖe mɔ̃mefiawo kple fiawo ŋku me le tanye, be wòanye ɖaseɖiɖi na wo.


Vavã mele egblɔm na mi bena: Woatsɔ amegbetɔviwo ƒe nuvɔ̃, siwo katã wòwɔna, kple busunya, siwo wogblɔna la, ake wo;


Ke, esi wòyi eɖokui me la, egblɔ bena: Fofonye ƒe agbatedɔwɔla nenie kpɔ abolo sɔ gbɔ, ke nye la mele tsɔtsrɔ̃m le dɔwuame ta.


Ke le nusiawo katã ŋgɔ la woaɖo woƒe asiwo mia dzi, eye woati mia yome, akplɔ mi ayi ɖe ƒuƒoƒewo kple gaxɔwo me, be woade mi asi na fiawo kple mɔ̃mefiawo le nye ŋkɔ la ŋuti.


Ke woawo la movidzɔdzɔ yɔ wo fũ, eye woƒo nu na wo nɔewo, nusi woate ŋu awɔ Yesu.


Ke esi Yudatɔwo kpɔ amehawo la, woyɔ fũ kple ŋuʋaʋã eye wogblɔ busunya tsi tre de nusiwo Paulo gblɔ la ŋu.


Ke esi wole nya ŋem ɖe enu, eye wole busunyawo gblɔm la, eʋuʋu eƒe awuwo me hegblɔ na wo bena: Miaƒe ʋu nava mia ŋutɔwo miaƒe ta dzi: nye la ŋutinye kɔ; tso esia dzi la mayi ɖe trɔ̃subɔlawo gbɔ.


Eye megblɔ bena: Aƒetɔ, woawo ŋutɔwo nyae bena, nyee nye amesi nɔa amesiwo xɔa dziwò sena la dem gaxɔ me, eye meƒoa wo le ƒuƒoƒe sia ƒuƒoƒe,


abe alesi nunɔlagã la kple amegãwo hã aɖi ɖase nam ene; amesiwo gbɔ hã mexɔ agbalẽ tso hena nɔviawo, eye mezɔ mɔ yi Damasko, be mabia amesiwo le afima la hã ava Yerusalem, bena woahe to na wo.


Ke Saul, si galé ŋɔdzidodo kple hlɔ̃dodo ƒe gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo ɖe Aƒetɔ la ƒe nusrɔ̃lawo ŋuti la, yi ɖe nunɔlagã gbɔ,


Ɖe menye woawo kee gblɔa busunya ɖe ŋkɔ nyui, si wotsɔ yɔ mi la ŋuti o mahã?


ke ekpɔ mokaka le eƒe dzidada la ŋuti: Dɔwɔlã maƒonu la tsɔ ame ƒe gbe ƒo nu, eye woxe mɔ na nyagblɔɖila la ƒe lãnuwɔwɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa