Eye esi nyaʋiʋli la nu sẽ ŋutɔ la, aʋafia gã la le vɔvɔ̃m bena, woava vuvu Paulo; eye wòde se bena, asrafoha la naɖi va, eye woahee tso wo dome, ne woakplɔe ayi mɔ̃ la me.
Eye wòyɔ aʋafiawo dome ame eve va egbɔ gblɔ bena: Midzra asrafo alafa eve ɖo, ne wòayi Kaisarea kple sɔtɔ blaadre kpakple akplɔtɔ alafa eve le zã gaƒoƒo etɔ̃lia dzi;