Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 24:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Le esia me nye hã meɖoa vevie, bena dzitsinya, si ŋu abia ɖeke mele o la, nanɔ asinye ɖaa le Mawu kple amewo ŋku me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 eye le esia ta la, medzea agbagba wɔa nye dzitsinya ŋuti dɔ nyuie be nye agbenɔnɔ nadze Mawu kple amegbetɔwo ŋu.”

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 24:16
20 Mawu Ofanana  

Eye Paulo kpɔ ʋɔnudrɔ̃lawo dzi gã gblɔ bena. Ŋutsuwo, nɔviwo, nye la miezɔ le Mawu fe ŋku me le dzitsinya nyui blibo la katã me vaseɖe egbe ŋkeke sia dzi.


abe amesiwo fia bene, woŋlɔ se la ƒe dɔwɔwɔ ɖe woƒe dziwo me la ene, eye woƒe dzitsinya hã ɖia ɖase hekpena ɖe eŋu, eye woƒe tamebubuwo nɔa wo nɔewo nu tsom, alo wonɔa wo nɔewo nu ɖem hã,


Nyateƒe gblɔm mele le Kristo me, nyemele aʋatso kam o, esi nye dzitsinya le ɖase ɖim kpe ɖe ŋunye le Gbɔgbɔ kɔkɔe me


Migazu nukikli na Yudatɔwo kple Helatɔwo kple Mawu ƒe hame la o;


Elabena nyemenya naneke le ɖokuinye ŋuti o, ke menye eyata wotso afia nam o, ke Aƒetɔ lae nye amesi drɔ̃ ʋɔnum.“


Elabena miaƒe adegbeƒoƒo enye esi: Míaƒe dzitsinya ƒe ɖase, si wòɖina bena, miezɔ le xexe sia me le Mawu ƒe dzimekɔkɔ kple dzi dzadzɛ me, eye menye ŋutilã ƒe nunya me o: ke le Mawu ƒe amenuveve me boŋ, vevietɔ le mia dome.


Ke míegbea ŋukpenanu ɣaɣlawo boŋ, eye miezɔna le aɖaŋu vɔ̃ me o, eye miebaɖa mawunya hã o, hafi boŋ mietsɔa nyateƒe ƒe ɖeɖefia ɖea mía ɖokui fiãa amewo katã ƒe dzitsinya le Mawu ƒe ŋku me.


Miawoe nye ɖaseɖilawo kple Mawu hã, alesi mieno anyi kɔkɔe kple dzɔdzɔe kple mokaka manɔŋui le mi amesiwo xɔe se la gbɔ,


eye nalé xɔse kple dzitsinya nyui ɖe asi, nusi amea ɖewo tso ƒu gbe, eye wodze go le xɔse gome abe ʋu dzego ene;


Ke sedede ƒe nuwuwu enye lɔlɔ̃, si tso dzi dzadzɛ kple dzitsinya nyui kpakple xɔse, si me alakpaa ɖeke mele o la me;


woalé xɔse ƒe nya ɣaɣla la ɖe asi le dzitsinya dzadzɛ me.


Meda akpe na Mawu, amesi mesubɔna, abe alesi menyae, tso tɔgbuitɔgbuinyewo gbɔ ene le dzitsinya dzadzɛ me, abe alesi nyemedzudzɔa ŋkuɖoɖo dziwò le nye kukuɖeɖewo me zã kple keli o ene —


Nuwo katã le dzadzɛ na ame dzadzɛwo; ke ame ƒoɖiwo kple dzimaxɔsetɔwo la, naneke mele dzadzɛ na wo o, ke boŋ woƒe tame kple woƒe dzitsinya siaa ƒo ɖi.


mina miatsɔ dzi nyateƒetɔ ate va le xɔse ƒe kakaɖedzi blibo me, abe amesiwo wòklɔ dzitsinya vɔ̃ ɖa tso woƒe dziwo me, eye wotsɔ tsi zɔzrɔ̃e le na woƒe ŋutilã ene;


Mido gbe ɖa ɖe mia ta; elabena míenya le mía ɖokui me bena, dzitsinya nyui le mia si, le esi míelɔ̃ be, míanɔ agbe nyuie le nusianu me la ŋuti.


geɖe aleke wu Kristo, amesi to Gbɔgbɔ mavɔ la me tsɔ eɖokui na Mawu abe vɔsasa mokaka manɔŋutɔ ene la, ƒe ʋu maklɔ miaƒe dzitsinya tso dɔwɔwɔ kukuwo me, bena miasubɔ Mawu gbagbe la o mahã?


Elabena esiae nye amenuveve, ne amea de do dzi le xaxawo me, eye wòkpea fu madzemadze le dzitsinya, si vɔ̃a Mawu la ta.


esi dzitsinya nyui le mia si, bene nusi me wogbɔ nya vɔ̃ de mia ŋuti le abe vɔ̃wɔlawo ene la, woado ŋukpe amesiwo do vlo miaƒe agbenɔnɔ nyui, si le Kristo me la.


nusi nye kpɔɖeŋu na mawutsidedetaname, si ɖe miawo hã azɔ, si menye ŋutilãɖiƒoƒo ɖeɖeɖa o, ke boŋ dzitsinya nyui ƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu heto Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi me,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa