Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 24:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 eye mɔkpɔkpɔ, si le asinye na Mawu la, le woa ŋutɔwo hã si bena, tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Mexɔe se hã abe ame siawo ke ene be Mawu ana nu vɔ̃ wɔlawo kple ame dzɔdzɔewo siaa afɔ tso ku me,

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 24:15
16 Mawu Ofanana  

Amesiwo le alo dɔm le anyigba ƒe ke mala dometɔ geɖewo anyɔ: woƒe ɖewo bena agbenɔnɔ mavɔmavɔ, eye bubuwo bena ŋukpe kple ŋunyɔ mavɔmavɔ.


Eye woawo la wòayi ɖe fukpekpe mavɔ la me, ke ame dzɔdzɔewo la wòayi ɖe agbe mavɔ la me.


eye nazu yayrame, esi naneke mele wo si be, woaɖo eteƒe na wò o ŋuti; ke woaɖo eteƒe na wò le ame dzɔdzɔewo ƒe tsitretsitsi la me.


Marta gblɔ nɛ bena: Menyae bena, atsi tre le tsitretsitsi la me le nuwuwuŋkeke la dzi.


negbe nya ɖeka sia koe meɖo ɣli gblɔ, esime mele tsitre le wo dome bena; ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti miele ʋɔnu drɔ̃mem egbe sia ɖoa?


amesi aɖuɖɔ miaƒe bɔbɔɖeanyiŋutilã ƒe nɔnɔme, bene wòaɖi eƒe ŋutikɔkɔeŋutilã le eƒe ŋusesẽ, si ta wòlea ŋu tsɔa nuwo katã dea eɖokui te la nu.


Yayratɔ kple kɔkɔetɔ enye amesi kpɔ gome le tsitretsitsi gbãtɔ la me; amesiawo dzi ku evelia mekpɔ ŋusẽa ɖeke ɖo o, ke woanye Mawu kple Kristo ƒe nunɔlawo, eye woaɖu fia kplii ƒe akpe ɖeka.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa