Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 24:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Ke mele esia me ʋum na wò bena, mele mía fofowo ƒe Mawu la subɔm le mo, si woyɔna be kɔmamã la nu, ale bena mexɔ nusiwo katã woŋlɔ ɖe se la kple nyagblɔɖilawo me la dzi se,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Ke hã la, melɔ̃ ɖe edzi be mesubɔa mía fofowo ƒe Mawu la abe ame si le Mɔ la dzi ene, esi amewo yɔna be kɔmama. Mexɔ nu sia nu si sɔ kple se la kple nu siwo woŋlɔ ɖe nyagblɔɖigbalẽawo me la dzi se.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 24:14
44 Mawu Ofanana  

Yehowa, mía fofowo Abraham, Isak kple Israel ƒe Mawu, dzra susu kple tameɖoɖo sia ɖo ɖe wò dukɔ ƒe dzi me tegbee, eye natrɔ woƒe dziwo ɖe ŋuwò!


Maƒo nu le wò ɖaseɖiɖi la ŋu le fiawo ŋku me, eye ŋu makpem o.


esia nye nye ŋkɔ tegbee, eye nye ŋkɔ sia dzidzimewo katã woayɔ.


wo amesiwo tà Samaria ƒe dzidada, eye wogblɔna bena: „Dan, míetà wò mawu ƒe agbe, eye míetà Beer-Seba-ma!“ Woadze anyi, eye womagafɔ o.


Eye ɖukɔ geɖewo atso agblɔ bena: „Mina míayi Yehowaƒe to la kple Yakob ƒe Mawu ƒe aƒe la gbɔ, ne wòafia eƒe mɔwo mí, eye míazɔ eƒe toƒewo!“ Elabena nufiame atso Zion, eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem.


Azɔ amesiame, si aʋu menye le amewo ƒe ŋku me la, nye hã maʋu eyama me le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe ŋku me;


Se blibo la katã kple nyagblɔɖilawo ku ɖe nenem se eve siawo ŋuti.


Eyaŋuti nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo; elabena esia enye se la kple nyagblɔɖilawo.


abe alesi wòƒo nu to eƒe nyagblɔɖila kɔkɔe, siwo li tso blema ke la, ƒe nu me ene:


Se la kple nyagblɔɖilawo nɔ anyi vaseɖe Yohanes dzi; tso ekema dzi la wole mawufiaɖuƒe ƒe nyanyuie la gblɔm fia, eye amesiame yi ɖe eme sesẽtɔe.


Ke Abraham gblo bena: Mose kple nyagblɔɖilawo le wo si: woaɖo to woamawo!


Eye esi wòdze egɔme tso Mose kple nyagblɔɖilawo katã dzi la, ede nusiwo le ŋɔŋlɔawo katã me le eŋuti la, ƒe gome fia wo.


Eye wògblɔ na wo bena: Esiawo nye nye nya, siwo megblɔ na mi, esi megali kpli mi la bena: Ele be, woawu nusiwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo kpakple Psalmowo me le ŋutinye la nu.


Filipo kpɔ Natanael, eye wògblɔ nɛ bena: Míekpɔ Yesu. Yosef vi tso Nazaret, amesi ŋuti woŋlɔ ɖi le le Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo me.


Eyama ŋuti nyagblɔɖilawo katã ɖi ɖase le, bena amesiame, si axɔ edzi ase la, akpɔ nuvɔ̃keke to eƒe ŋkɔ la me.


Eye esi woxlẽ se la kple nyagblɔɖilawo megbe la, fuƒoƒemegã dɔ ɖo ɖe wo gbɔ gblɔ bena: Ŋutsuwo, nɔviwo, ne nuxlɔ̃menyaa ɖe le mia si na dukɔa la, migblɔe.


Ke amea ɖewo, siwo tso farisitɔwo ƒe kɔmamã me, amesiwo xɔ se la, tsi tre, eye wogblɔ bena, ele bena, woatso aʋa na wo, eye woaɖo na wo be, woalé Mose ƒe se la me ɖe asi.


Ke le ɣemaɣi me la menye zitɔtɔ via ɖee dzo le mo sia ŋuti o.


Ke esi amea ɖewo ƒe dzime sẽ, eye womeɖo to o hele nya vlowo gblɔm ɖe mɔ la ŋu le ameha ƒe ŋku me la, edzo le wo gbɔ, eye wòɖe nusrɔ̃lawo ɖa tso wo dome, eye wòƒoa nu na wo gbesiagbe le Tirano ƒe nusrɔ̃xɔ la me.


Eye wògblɔ bena: Mía fofowo ƒe Mawu la ɖo wò be, nanya eƒe lɔlɔ̃nu, nakpɔ dzɔdzɔetɔ la, eye nase eƒe numegbe;


Ke Felike, esi wonyã nu le mɔ sia ŋuti kɔte la, ehe woƒe nya ɖe megbe hegblɔ bena: Ne aʋafia gã Lisia va la, mabia miaƒe nya la gɔme ase.


Elabena miekpɔ ŋutsu sia bena, enye dɔvɔ̃ kple amesi ɖea zi Yudatɔwo katã dome le xexeame godoo, eye wònye Nazaretɔwo ƒe kɔmamã ƒe amegã,


elabena Paulo ɖe eɖokui nu gblɔ bena: Nyemewɔ nuvɔ̃a ɖeke ɖe Yudatɔwo ƒe se la alo ɖe gbeɖoxɔ la alo ɖe kaisaro ŋu o.


Ke esi mekpɔ xɔxɔ tso Mawu gbɔ vaseɖe egbe ŋkeke sia dzi la, mele tsitre hele ɖase ɖim na suewo kple gãwo, eye nyemele nu bubua ɖeke gblɔm o, nègbe nusiwo nyagblɔɖilawo kple Mose wogblɔ ɖi bena, ava ve me la koe,


Fia Agripa, èxɔa, nyagblɔɖilawo dzi sena? Menyae bena, èxɔnɛ sena.


Nye agbe nɔnɔ tso ɖekakpui me, alesi menɔ anyi tso gɔmedzedzea me le nye dukɔ la dome le Yerusalem la, Yudatɔwo katã nyae;


Eye azɔ la mele tsitre be, woadrɔ̃ ʋɔnum le mɔkpɔkpɔ na ŋugbedodo, si Mawu ɖo na mía fofowo la ŋuti;


Ke miele didim bena, miase nusi susum nèle la, atso nuwò; elabena miese bena, wogblɔ nya ɖe kɔmamã sia ŋuti le afisiafi.


Eye esi woɖo ŋkeke nɛ la, ame geɖewo va egbɔ le eƒe dzeƒe la, amesiwo wògblɔ nya la na hele ɖase ɖim le mawufiaɖuƒe la ŋuti, eye wòle eƒom ɖe wo nu le Yesu ŋuti tso Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo me tso ŋdikanya vaseɖe fiẽ.


Abraham kple Isak kple Yakob ƒe Mawu la, mia fofowo ƒe Mawu la, kɔ eƒe dɔla Yesu ŋuti, amesi miawo mietsɔ de asi, eye miegbe nu le egbɔ le Pilato ƒe ŋku me, esi ame ma tso afia bena, yeaɖe asi le eŋu.


Mía fofowo ƒe Mawu la fa Yesu ɖe tsitre, amesi miawo miewu, esime miehee ɖe ati ŋuti.


„Nyee nye fofowòwo ƒe Mawu la, Abraham ƒe Mawu kple Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu la.“ Ke Mose dzo nyanyanya, eye medo dzi be, yeakpɔe nyuie o.


eye wòbia agbalẽwoe bena, yeayi Damasko ɖe ƒuƒoƒeawo me, ne yeakpɔ amesiwo le nenem mo sia dzi, ŋutsuwo kple nyɔnuwo la, ne yeabia wo akplɔ va Yerusalem.


Elabena nye ɖaseɖilae nye Mawu, si mesubɔna le nye gbɔgbɔ me le Via ƒe nyanyuie la me, alesi nyemedzudzɔa ŋkuɖoɖo mia dzi o,


Ke azɔ la se la manɔmee woɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye hefiã, esi ŋuti se la kple nyagblɔɖilawo ɖi ɖase le,


Elabena ele vevie bena, kɔmamãwo hã naɖo mia dome, bene amesiwo li ke la, nadze ƒã le mia dome.


trɔ̃subɔsubɔ, afakaka, kewɔwɔ, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodowo, dzrehehewo, mamãwo, komamãwo,


Meda akpe na Mawu, amesi mesubɔna, abe alesi menyae, tso tɔgbuitɔgbuinyewo gbɔ ene le dzitsinya dzadzɛ me, abe alesi nyemedzudzɔa ŋkuɖoɖo dziwò le nye kukuɖeɖewo me zã kple keli o ene —


Ne èxlɔ̃ nu kɔmamãwɔlaa ɖe zi ɖeka alo zi eve la, nagbee;


wodzro azãgbe kple azãgbe, si ƒomevi Kristo ƒe Gbɔgbɔ, si le wo me la, laɖe afia la me kpɔ, esime wòɖi ɖase tsã le fukpekpe, siwo le Kristo dzi va ge, kple ŋutikɔkɔe, si le wo yome dze ge la ŋuti.


Eye medze klo ɖe eƒe afɔ nu, be made ta agu ne. Eye wògblɔ nam be: Kpɔ ɖa, megawɔe o, wò hadɔla kple nɔviwò, siwo lé Yesu ƒe ɖaseɖiɖi ɖe asi la, ƒe hadɔla menye; de ta agu na Mawu ko! Elabena Yesu ƒe ɖaseɖiɖi la enye nyagblɔɖigbɔgbɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa