Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 23:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye ɣlidodo gãa ɖe dzɔ, eye agbalẽfiala, siwo nye farisitɔwo ƒe akpa la, dometɔa ɖewo tsi tre, eye wohe dzre ŋutɔ gblɔ bena: Miekpɔ vɔ̃a ɖeke le amesia ŋu o; ke ne gbɔgbɔa ɖe alo mawudɔlaa ɖe ƒo nu kpakplii la, nukae?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Nu sia he tɔtɔ gã aɖe vɛ, eye Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala aɖewo siwo nye Farisitɔwo tsi tsitre hedo ɣli be yewomekpɔ be naneke gblẽ le Paulo ŋu o, ke boŋ ɖewohĩ mawudɔla alo gbɔgbɔ aɖee ƒo nu nɛ le Damasko mɔ dzi.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 23:9
23 Mawu Ofanana  

Ne amea ɖe ƒe zɔzɔme dze Yehowa ŋu la, enana be, eƒe futɔwo ke hã nɔa ŋutifafa me kplii.


Tete amegãwo kple dukɔ blibo la gblɔ na nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo bena: Ŋutsu sia medze ku o, elabena eƒo nu na mí le Yehowa, mía Mawu ƒe ŋkɔ me.


Ke esi farisitɔwo dome agbalẽfialawo kpɔ bena, ele nu ɖum kple nuvɔ̃wɔlawo kpakple nudzɔlawo la, wogblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Aleke wo bena, woɖua nu, eye wonoa nu kple nudzɔlawo kpakple nuvɔ̃wɔlawo mahã?


Eye wògblɔ na wo zi etɔ̃lia ke bena: Nuvɔ̃ ka gã amesia wo mahã? Nyemekpɔ naneke le eŋu, si dze ku o; azɔ maƒoe, eye maɖe asi le eŋu!


Eye Pilato gblɔ na nunɔlagãwo kple amehawo bena: Nyemekpɔ vɔ̃a ɖeke le amesia ŋu o.


Eye farisitɔwo kple woƒe agbalẽfialawo li liʋiliʋi ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋuti gblɔ bena. Nukaŋuti mieɖua nu, eye mienoa nu kple nudzɔlawo kpakple nuvɔ̃wɔlawo mahã?


Azɔ ameha, siwo le tsitre, eye wosee la, gblɔ bena: Dzie ɖe gbe, bubuwo gblɔ bena: mawudɔlaa ɖee ƒo nu kplii.


Azɔ ne Mawu tso nenem nunana ma ke na wo, abe alesi wòna mi, amesiwo xa Aƒetɔ Yesu Kristo dzi se la ene la, nye la ameka menye be, mate ŋu axe mo na Mawua?


Eye wòva me bena, esi mele mɔ dzi, eye mete tu Damasko, anɔ ɣeɖota la, kasia kekeli, si nu sẽ la, tso dziƒo klẽ ƒo xlãm.


Eye medze anyi, eye mese gbea de le gbɔgblɔm nam bena: Saul, Saul, nuka wɔ nèle yonyeme tim ale?


amesi mekpɔ bena, wole enu tsom le woƒe se la ƒe anukutsyɔtsyɔwo ŋuti; gake nutsotsoa ɖeke mele eŋu, si dze ku alo bablawo o.


Elabena zadukitɔwo gblɔna bena, tsitretsitsi meli o, eye mawudɔla kple gbɔgbɔ hã meli o; gake farisitɔwo ʋua woa kple eve la me.


Ke esi nye la medze sii bena, mewo naneke, si dze ku o, eye eya ŋutɔ hã tsɔ eƒe nya de kaisaro si me la, meɖo bena, maɖoe ɖa.


eye esi, wote yi megbe la, wogblɔ na wo nɔewo bena, amesia mewɔ naneke, si dze ku alo bablawo o.


Elabena zã sia me la Mawu, si tɔ menye, amesi mesubɔna hã la, ƒe dɔla va tsi tre ɖe gbɔnye gblɔ bena:


ke ne etso Mawu gbɔ la, miele eŋu te ge agblẽe o, bena womagakpɔ mi abe amesiwo le tsitre tsim ɖe Mawu ŋuti ene o.


eye wòdze anyi, eye wose gbea ɖe le gbɔgblɔm ne bena: Saul, Saul, nuka wo nèle yonyeme tima?


Alo ɖe miana Aƒetɔ la naʋã ŋua? Ɖe míesesẽ wui mahã?


Eye wògblɔ na wo bena: Yehowa kple eƒe amesiamina la wonye ɖasefo na mi egbe sia be, miekpɔ miaƒe naneke le asinye o. Woɖo ŋu bena: Eya nye ɖasefo!


Esi Dawid wu nuƒoƒo na Saul nu vɔ la, Saul gblɔ bena: Vinye Dawid, wò gbee nye esia? Eye Saul fa avi kple ɣli


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa