Dɔwɔwɔwo 22:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19133 eye wògblɔ bena Nye la Yudatɔ menye, wodzim le Tarso le Kilikia; gake la du sia me wonyim le, eye Gamaliel ƒe ato nu wòfiã num le pɛpɛpɛ; le mía fofowo ƒe se la nu la ŋuʋãla ɖe Mawu ŋu menye, sigbe alesi mi katã miele egbe sia ene; Onani mutuwoAgbenya La3 “Yuda vidzidzi ŋutɔŋutɔe menye tso Tarso le Kilikia nuto me. Ke Yerusalem afi siae mede suku le, eye nye nufialae nye Gamaliel, ame si hem be mawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnuwo dzi pɛpɛpɛ abe ale si dze ene. Enye nye didi vevie ɣe ma ɣi be made bubu Mawu ŋu le nu sia nu si mawɔ la me abe ale si miawo hã miele ewɔm fifia ene. Onani mutuwo |