Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 22:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Eye esi wohee ɖe ka me, be woaƒoe la, Paulo gblɔ na aʋafia, si le tsitre ɖe egbɔ la bena: Ɖe woɖe mɔ na mi be, míaƒo amesi nye Romatɔ kple atam fɔ mabumabua?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

25 Esime wonɔ Paulo blam be yewoaƒoe la, ebia asrafoawo ƒe nunɔla aɖe si nɔ tsitre ɖe egbɔ be, “Ele se nu be miaƒo Romatɔ le esime womedrɔ̃ ʋɔnue oa?”

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 22:25
13 Mawu Ofanana  

Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le amewo ŋuti; elabena woade mi asi na ʋɔnudrɔ̃lawo, eye woaƒo mi kple atam le woƒe ƒuƒoƒewo;


Ke esi aʋafia la kple amesiwo kpe ɖe eŋuti hele Yesu dzɔm la, kpɔ anyigbaʋuʋu kple nusiwo va dzo la, wovɔ̃ ŋuta hegblɔ bena: Nyateƒe, Mawuvie nye esia!


Eye aʋafia la ɖo eŋu gblɔ bena: Aƒetɔ, medzem be, nava ge ɖe nye xɔ te o; ke gblɔ nya ɖeka ko, eye nye dɔtsɔla ƒe lãme asẽ.


Eye ŋutsua ɖe le Kaisarea, eŋkɔe nye Kornelio, amesi nye aʋafia le asrafoha, si woyɔna bena Italiatɔwo tɔ la nu,


Ke Paulo gblɔ na wo bena: Esi woƒo mí ʋɔnu madrɔ̃madrɔ̃e le ablɔ me, mi amesiwo nye Romatɔwo, eye wode mi gaxɔ me, ke azɔ la woaɖe mi ado goe le adzamea? Gbeɖe! Negbe woawo ŋutɔwo koe ava kplɔ mi ado goe.


Eye esi aʋafia la see la, eyi ɖatoe na aʋafia gã la bena: Nuka wɔ ge nala? Elabena amesia nye Romatɔ.


Tete Paulo ya aʋalawo dometɔ ɖeka va egbe gblɔ bena: Kplɔ ɖekakpui sia yi aʋafia gã la gbɔ, elabena nyaa ɖe le esi be, wòaka eta nɛ.


Ŋutsu sia la Yudatɔwoe lée, eye wode ewu ge kloe, esime nua kple asrafoha la mieva ɖo wo gbã, eye míexɔe le wo si, esi mese bena, Romatɔ wònye.


Meɖo ŋu na amesiawo bena, menye Romatɔwo ƒe kɔ bena, woatsɔ amea ɖe aɖe asi, hafi amesi nu wotso kple nutsolawo nakpe ŋku me kple ŋku me, eye wòakpɔ mɔ aɖe eɖokui nu le nutsotso la ŋuti o.


Eye esi woɖoe bena, miaɖo nu ayi Italia la, wotsɔ Paulo kple gatɔ bubua ɖewo de aʋafiaa ɖe, si ŋkɔ enye Yulio tso, kaisaro ƒe asrafoha dome la si.


Esi ŋu ke la, míedze ɖe Sidon, eye Yulio nyo dome na Paulo, eye wòɖe mɔ nɛ bena, wòayi xɔlɔ̃awo gbɔ, be woagbã ɖe eme.


Gake esi aʋafia la le didim bena, yeaɖe Paulo la, exe mɔ na woƒe tameɖoɖo la, eye wòde se bena, amesiwo ate ŋu aƒu tsi la, nadzo kpo gbã adze ƒua me, ne wòayi gota,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa