Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 22:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eye azɔ, nuka wo nèle hehem ɖe megbea? Tsi tre, eye na woade mawutsi ta na wò, eye woaklɔ wò nuvɔ̃wo ɖa, eye nayɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Azɔ ɣeyiɣigbegblẽ aɖeke megali o. Ɖeko woade mawutsi ta na wò, aklɔ wò nu vɔ̃wo ɖa le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me.’

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 22:16
19 Mawu Ofanana  

Mewɔ kaba, be malé ŋku ɖe wò seawo ŋn, eye nyemalala o.


esime wode Batseba gbɔ, eye nyagblɔɖila Natan va egbɔ.


Nukaŋuti míegale anyinɔƒe ko? Miƒo takpli, míayi du sesẽwo me, ne míatsrɔ̃ ɖe afima; elabena Yehowa, mía Mawu la, le míaƒe tsɔtsrɔ dim; ekpe aɖitsi na mí mieno, le esi miewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu ta.


Petro gblɔ nɛ bena: Wò la màklɔ nye afɔwo ŋuti akpɔ o. Yesu xɔ dzi ne bena: Ne nyemeklɔe na wò o la, ekema mele gomea ɖeke kpɔ ge le gbɔnye o.


Eye wòava me bena, amesiame, si ke ayɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa la, woaɖee.“


Eye Petro gblɔ na wo bena: Mitrɔ le miaƒe dzi me, eye mia dome amesiame nana woade mawutsi ta nɛ ɖe Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi hena miaƒe nuvɔ̃wo ƒe keke, eye miaxɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe wòanye nunana.


Eye esi wòdze klo la, edo ɣli kple gbe sesẽ bena: Aƒetɔ, megado nuvɔ̃ sia teƒe na wo o! Eye esi wògblɔ esia la, eto me do alɔ̃.


eye afisia hã ekpɔ ŋusẽ tso nunɔlagãwo gbɔ, be woabia amesiwo katã yɔa wò ŋkɔ dzi.


Eye enumake ewɔ abe nanee ge tso eƒe ŋkuwo dzi abe tsrowo ene, eye wògakpɔ nu; eye esi wòtsi tre la, wode mawutsi ta nɛ;


woŋlɔ ɖo ɖe Mawu ƒe hame, si le Korinto la, amesiwo wowɔ kokoe le Kristo Yesu me, tame kokoe, siwo woyɔ kple amesiwo katã yɔa mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi le afisiafi le wo gbɔ kple mía gbɔ la:


Elabena Gbɔgbɔ ɖeka me wode mawutsi ta na mí katã le, bena mianye ŋutilã ɖeka, míeɖanye Yudatɔwo alo Helatɔwo o, míeɖanye kluviwo alo ablɔɖeviwo o, eye wotsɔ Gbɔgbɔ ɖeka kpe na mi katã.


Eye nenem mia dome amea ɖewo nɔ tsã; ke wole tsi na mi, ke wona mia ŋuti kɔ, ke wotso afia na mi le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ la kple mia Mawu ƒe Gbɔgbɔ la me.


Elabena mi ame alesi nu wode mawutsi ta na ɖe Kristo me la, miedo Kristo.


bene yeakɔ eŋu, esime wòklɔ eŋuti to tsilele me le nya la me megbe la,


exɔ mi ɖe agbe; menye le dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ, si miawo miewɔ la ta o, ke boŋ exɔ mí le eƒe nublanuikpɔkpɔ la nu to gbugbɔgadzi ƒe tsilele kple Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe yeye wɔwɔ la me,


mina miatsɔ dzi nyateƒetɔ ate va le xɔse ƒe kakaɖedzi blibo me, abe amesiwo wòklɔ dzitsinya vɔ̃ ɖa tso woƒe dziwo me, eye wotsɔ tsi zɔzrɔ̃e le na woƒe ŋutilã ene;


nusi nye kpɔɖeŋu na mawutsidedetaname, si ɖe miawo hã azɔ, si menye ŋutilãɖiƒoƒo ɖeɖeɖa o, ke boŋ dzitsinya nyui ƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu heto Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi me,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa