Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 21:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ke ɖetugbivi ene, siwo gblɔa nya ɖi la, le amesia si.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Vinyɔnuvi ene siwo dometɔ aɖeke meɖe srɔ̃ haɖe o la nɔ esi. Mawu na nyagblɔɖi ƒe ŋusẽ wo dometɔ ɖe sia ɖe.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 21:9
13 Mawu Ofanana  

Tete nunɔla Xilkiya, Axikam, Axbor kple Safan kpakple Asaya woyi nyɔnu nyagblɔɖila Xulda, amesi nye Xarxas vi Tikwa ƒe vi Salum, amesi nye awu dzikpɔla srɔ̃, eye wònɔ Yerusalem-du la ƒe to evelia la gbɔ, eye woƒo nu kplii.


Nye Mawu, ɖo ŋku Tobiya kple Sanebalat dzi le woƒe nuwɔwɔ siawo nu hekpe ɖe nyɔnunyagblɔɖila Noadia kple nyagblɔɖila susɔeawo, siwo be, yewoado ŋɔdzi nam la ŋuti.


Eye nyɔnu nyagblɔla Miryam. Aron nɔvinyɔnu, tsɔ axatse ɖe asi, eye nyɔnuwo katã tsɔ axatsewo ɖe asi le ɣe ɖum kplɔe ɖo.


Wò amevi, trɔ ŋgɔ dze wò dukɔ ƒe nyɔnuvi, siwo le nya gblɔm ɖi tso woawo ŋutɔ ƒe dzi me, eye nagblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu,


Eye Hana, nyɔnu nyagblɔɖilaa ɖe li, enye Fanuel ƒe nyɔnuvi tso Aser-ƒome me, si xɔ ƒe geɖe ŋutɔ, eye wònɔ anyi kple srɔ̃a ƒe adre tso eƒe ɖetugbi me;


Eye nyagblɔɖila kple nufialaa ɖewo le ha me, si le Antioxia la me, siwo nye, Barnaba kple Simeon, si woyɔna be Niger, kple Lukio, Kirenetɔ kple Manahem, amesi wonyi kple dzidula Herodes, kple Saul.


„Eye ava me le ŋkeke mlɔeawo me, Mawue gblɔe, bena matrɔ nye Gbɔgbɔ la akɔ ɖe ŋutilã katã dzi, eye miaƒe ŋutsuviwo kple miaƒe nyɔnuviwo agblɔ nya ɖi, eye miaƒe ɖekakpuiwo akpɔ ŋutegawo, eye miaƒe amegã ɖeɖiwo aku drɔ̃ewo.


Eyata amesi tso eƒe ɖetugbi na woɖe la, wòe nyuie; ke amesi metsɔe na woɖe o la, awɔe nyuie awu.


Gake la mekpɔ nusia le ŋutiwò bena, neɖe mɔ na nyɔnu Isabel, si yɔ eɖokui bena nyagblɔɖila, eye wòfiã nu nye dɔlawo heble wo, bene woawɔ ahasi, eye woaɖu nusiwo wosa vɔ na trɔ̃wo.


Ɣemaɣi la nyɔnu-nyagblɔɖila Debora, Lapidot srɔ̃e, drɔ̃ ʋɔnu na Israel.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa