36 elabena dua me ameha la dze eyome le ɣli dom bena: Wu eyama.
36 Ke hã ameawo nɔ ɣli dom le wo yome sesĩe be, “Miwui! Miwui!”
Ke wo katã do ɣli hoo gblɔ bena: Ɖe esia ɖa, eye naɖe asi le Baraba ŋuti na mí,
Ke woawo do ɣli gblɔ bena: Kplɔe yii, kplɔe yii, klãe ɖe ati ŋuti. Pilato gblɔ na wo bena: Miaƒe fia lae maklã ɖe ati ŋutia? Nunɔlagãwo ɖo ŋu nɛ bena: Fiãa ɖeke mele mia si o, negbe kaisaro ko.
Eye woɖo toe vaseɖe nya sia dzi; tete wokɔ woƒe gbe dzi gblɔ bena: Miɖe amesia tɔgbe ɖa tso anyigba la dzi, elabena mele nɛ be, wòanɔ agbe o.
Tete la esi wose nya siawo la, eɖu dzi na wo, eye woɖu aɖukli ɖe eŋu.
ne wodo busu mi la, míeɖea kuku; míezu abe xexe sia me ƒe aɖukpodzinuwo ene, amewo katã ƒe gbeɖuɖɔ vaseɖe egbegbe sia.