Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 21:34 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 Eye ameha la dome amea ɖewo lé ɣli dom be ale, eye bubuwo hã be ale; ke esi mete ŋu se nyateƒe la le hoowɔwɔ la ta o la, ede se bena, woakplɔe ayi mɔ̃ la me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

34 Ame aɖeke mete ŋu na ŋuɖoɖo gobii aɖeke o, elabena ame sia ame nɔ ɣli dom nɔ nya si dze eŋu la gblɔm. Le esia ta la, asrafowo ƒe amegã la ɖe gbe be woakplɔ Paulo yi ɖe asrafowo ƒe nɔƒee.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 21:34
8 Mawu Ofanana  

Azɔ amea ɖewo do ɣli be ale, eye ɖewo hã be ale; elabena ameha la le ʋunyaʋunya wɔm, eye ame geɖeawo menya nusi ŋuti wova ƒo ƒu ɖo o.


Azɔ esi wole Paulo kplɔ ge ayi mɔ̃a me la, egblɔ na aʋafia gã la bena: Ɖe mekpɔ ma agblɔ nyaa ɖe na wòa? Eye wògblɔ bena: Esea Hela-gbea?


aʋafia gã la de se be, woakplɔe ayi ɖe mɔ̃ la me, eye wòɖo bena, woaɖe atam ɖe edzi ase eƒe numenya, bena yeanya nusi ŋuti tututu wole ɣli dom ɖe eta ɖo.


Eye ŋu ke, esi wòle didim bena, yeanya nyateƒe la, nusi ŋuti Yudatɔwo va tso enu la, etu kae, eye wòde se bena, nunɔlagãwo kple woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo katã nava ƒo ƒu: eye wokplɔ Paulo ɖi va anyi, eye wotsɔe ɖo wo ŋku me.


Eye esi nyaʋiʋli la nu sẽ ŋutɔ la, aʋafia gã la le vɔvɔ̃m bena, woava vuvu Paulo; eye wòde se bena, asrafoha la naɖi va, eye woahee tso wo dome, ne woakplɔe ayi mɔ̃ la me.


Ke esi Paulo ƒe srɔ̃nyi se xadedea la, eta edzi heyi mɔ̃ la me, eye wòka eta na Paulo.


Eye esi ŋu ke la, wona sɔtɔwo yi kpakple eye afɔtɔwo gbugbɔ va mɔ̃ la me,


Eye nya vavãa ɖeke mele asinye le eŋuti be, maŋlɔ na aƒetɔ la o. Eyaŋuti mekplɔe va mia ŋku me, vevietɔ wò fia Agripa ŋku me, bena ne miese eƒe numegbe vɔ la, ne makpɔ nane aŋlɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa