Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 21:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Eye esi wòdo gbe na wo la, exlẽ nusiwo katã Mawu wo le trɔ̃subɔlawo dome to eƒe subɔsubɔ me la na wo ɖekaɖeka.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 Esi míelɔ̃ gbe vɔ la, Paulo gblɔ ale si Mawu wɔ dɔ le ame siwo menye Yudatɔwo o domee to eya Paulo ƒe dɔwɔwɔ me la na wo.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 21:19
13 Mawu Ofanana  

kpakple gbedoname le ablɔawo me, eye bena, amewo nayɔ wo be Rabi.


Elabena woxlẽe ɖe mia dome, eye wòkpɔ gome le subɔsubɔdɔ sia me.


Ke esi wova afima, eye woƒo hamea nu ƒu la, woka nu gã, siwo Mawu wɔ kpli wo la ta na wo, kple alesi wòʋu dzixɔse ƒe ʋɔtru na trɔ̃subɔlawo.


Tete ameha blibo la katã zi ɖoɖoe, eye woɖo to Barnaba kple Paulo ƒe nyaxexlẽfia le dzesi kple nukunu, siwo katã Mawu wɔ to woƒe asiwo dzi le trɔ̃subɔlawo dome la ŋuti.


Eye esi wova Yerusalem la, hame la kple apostoloawo kpakple hamemegãwo xɔ wo; eye woka nusiwo katã Mawu wɔ kpli wo la ta na wo?


Gake la nyemebui naneke o, eye nyemebu nye agbe hã nu xɔasi na ɖokuinye o, bena mawu nye mɔzɔzɔ kple subɔsubɔ, si mexɔ tso Aƒetɔ Yesu gbɔ la nu, be maɖi ɖase le Mawu ƒe amenuveve nyanyuie la ŋuti.


Ke Mawu ƒe amenuveve la ŋuti mezu nusi menye, eye eƒe amenuveve, si wotsɔ ve nunye la, menye dzodzro o, elabena medze agbagba geɖe wu wo katã; ke menye nyee o, hafi Mawu ƒe amenuveve, si le kpakplim la boŋ.


Ke mewo apostolo ƒe dzesiwo le mia dome le dzidodo katã me, le dzesiwo kple nukunuwo kple ŋusẽdɔwɔwɔwo me.


Esi míenye hadɔwɔlawo ŋuti la, míele nu xlɔ̃m mi hã bena, miagaxɔ Mawu ƒe amenuveve la dzodzro o.


nusi ta hã medzea agbagba ɖo, eye metsina le eƒe ŋusesẽ, si sẽa ŋu ŋusẽtɔe le menye la nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa