Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 21:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ke Paulo ɖo ŋu gblɔ bena: Nukae nye esi wɔm miele hele avi fam, eye miele nye dzi gbãm mahã? Elabena nye la medzra ɖokuinye ɖo, menye be woabiam ɖeɖeko o; ke boŋ hã be maku le Yerusalem le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ la ta.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Ke Paulo ɖo eŋu na mí be, “Midzudzɔ avifafa, elabena miele dzi gbãm nam. Mele klalo be manɔ gaxɔ me le Yerusalem, eye gawu la, maku le nye Aƒetɔ Yesu ta.”

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 21:13
25 Mawu Ofanana  

Tete ame etɔ̃awo ɖage ɖe Filistitɔwo ƒe asaɖa la me, eye woku tsi le vudo, si le agboa me le Betlexem la me hetsɔ vɛ na Dawid; ke Dawid gbe be, yemanoe o, hafi boŋ etsɔe ƒo ɖe anyi na Yehowa


Aƒetɔ, Yehowa Zebaot ƒe gbe enye si be: Nukaŋuti mienyã avuzi le nye dukɔ dzi, eye mieto hiãtɔwo ƒe mo nyanyanya?


Yehowa ƒe gbe va na Yeremya, esime fia ŋu srafowo ƒe amegã Nebuzaradan ɖee tso Yerusalem kple Yuda ƒe aboyome, siwo wokplɔ yina Babel la dome; eɖe ga le eŋu, eye wòɖe asi le eŋu le Rama la.


Nukaŋuti miele lo sia dom le Israel-nyigba dzi bena: „Fofowo ɖu weintsetse hɔhlɔ̃e, eye aɖu nyɔ viwo?


Tete ʋumefia te ɖe eŋu gblɔ nɛ bena: Alɔ̃ dɔm wòa nèlea? Fɔ nayɔ wò Mawu! Amea ɖe menya nu o Mawu aɖo ŋku mía dzi, be míagatsrɔ̃ o hĩ.


Gake la nyemebui naneke o, eye nyemebu nye agbe hã nu xɔasi na ɖokuinye o, bena mawu nye mɔzɔzɔ kple subɔsubɔ, si mexɔ tso Aƒetɔ Yesu gbɔ la nu, be maɖi ɖase le Mawu ƒe amenuveve nyanyuie la ŋuti.


Eye wo katã wode asi avifafa me vevie ŋutɔ, eye wodze Paulo ƒe ko dzi, eye wogbugbɔ nu ne


Ke woawo la wodzo le ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ŋku me kple dzidzɔ be, wobu wo be, wodze bena woaɖo ŋukpe wo le eƒe ŋkɔ la ta.


elabena nye la mafiae alesi wòle nɛ be, wòakpe fu geɖe le nye ŋkɔ la ŋuti.


Meta miaƒe kafukafu, si le asinye le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ me la bena, gbesiagbee mekuna.


Ke ne wotsɔm mè le miaƒe xɔse ƒe vɔsasa kple subɔsubɔdɔ ta hã la, dzi le dzɔyem, eye mía kpli mi katã míele dzidzo kpɔm.


elabena edzroe vevie be, yeakpɔ mi katã, eye wòxa nu ŋutɔ bena, miese eŋkɔ be, dɔ dze edzi.


Azɔ la mekpɔa dzidzɔ le fu, siwo mekpena le mia ta la me, eye mewua nusiwo susɔ le Kristo ƒe fukpekpewo me la nu le nye ŋutilã me, le eƒe ŋutilã, si enye hame la ta,


ne medo ŋku wò aɖatsiwo dzi la, edzroam be, makpɔ wò, bene dzidzo nayɔm fũ —


Elabena nye la wotsɔm le memem xoxo, eye nye dzodzoɣi la gogo.


Elabena menyae bena, nye agbadɔ la ɖeɖeɖa la lilim, abe alesi mía Aƒetɔ Yesu Kristo hã ɖee fiam la ene.


Eye woɖu edzi to alẽvi la ƒe ʋu kple woƒe ɖaseɖiɖi ƒe nya la me, eye womelɔ̃ woƒe agbe o vaseɖe ku me.


Le esi nèlé nye dzidonya me ɖe asi ŋuti la, eyata nye hã malé wò ɖe asi le tetekpɔ ƒe gaƒoƒo, si le xexeame katã dzi va ge, be woate amesiwo nɔa anyigba dzi akpɔ la me.


Tete srɔ̃a Elkana gblɔ nɛ bena: Xana, nuka le wowòm nele avi fam, eye nukaŋuti nègbe nuɖuɖu, eye wò dzi le nu xam? Ɖe nyemede ŋutsuvi ewo nu na wò oa?


Ke Samuel gblɔ bena: Alẽwo kple nyiwo ƒe xɔxlɔ̃ ka nye esi le ɖiɖim ɖe to me nam mele sesem?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa