Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 20:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye esi miawo mieɖo ʋu tso Filipi le amɔwɔ maʋãmaʋã ƒe ŋkekeawo megbe la, mieva ɖo wo gbɔ le Troa le ŋkeke etɔ̃agbe, eye mienɔ afima ŋkeke adre.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Esime míeɖu Amɔ Maʋamaʋã Ŋkeke la vɔ ko la, míeɖo tɔdziʋu le Filipi, eye le ŋkeke atɔ̃ megbe la, míeva ɖo Troa si hã le Terki. Míenɔ afi ma kɔsiɖa ɖeka.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 20:6
18 Mawu Ofanana  

Ɖo ŋku abolo maʋamaʋã ŋkeke la dzi; ŋkeke adre sɔŋ naɖu abolo maʋamaʋã le nuŋeɣleti ƒe ŋkeke, si woɖo la dzi, abe alesi mede se na wò ene; elabena eya dzi nèʋu tso Egipte. Ke womava ŋkunye me asi gbolo o.


Ɖo ŋku abolo-maʋamaʋã-ŋkekenyuie la dzi. Ŋkeke adre sɔŋ naɖu abolo maʋamaʋã le nuŋeɣleti ƒe ŋkeke, si woɖo la dzi, abe alesi mede se na wò ene; elabena nuŋeɣleti la dzi nèʋu tso Egipte.


Ke esi wòkpɔ be, edze Yudatɔwo ŋu la, eyi dzi be, yealé Petro hã. Ke enye amɔwɔ maʋãmaʋã ƒe ŋkekewo.


Eye esi wòkpɔ ŋutega la la, enumake miedi be, míayi Makedonia, esi miedze sii pete bena, Mawue yɔ mí ɖa, be miagblɔ nyanyuie la afia wo.


eye tso afima mieva Filipi, si nye Makedonia-nyigba ƒe du gbãtɔ, eye wònye Romatɔwo ƒe dutsotso la; ke míenɔ du sia me ŋkekea ɖewo.


eye woto Misia ŋu yi Troa.


Elabena Paulo ɖo be, yeato Efeso ŋu ayi, bena yemagagblẽ ɣeyiɣi le Asia o, elabena ele kplakplakpla dzi, bena ne yete ŋui la, ne yeade Yerusalem le Pentekoste-ŋkeke la dzi.


Amesiawo dze ŋgɔ, eye wole mia lalam le Troa.


Ke esi miekpɔ nusrɔ̃lawo la, míetsi afima ŋkeke adre. Woawoe gblɔ na Paulo to Gbɔgbɔ la me bena, megayi Yerusalem o.


Eye esi ŋu ke la, miedzo va Kaisarea, eye mieyi ɖe nyanyuiegblɔla Filipo ƒe me, amesi nye ame adreawo dometɔ ɖeka, eye mienɔ egbɔ.


Afisi miekpɔ nɔviwo le, eye woɖe kuku na mí bena, mianɔ yewo gbɔ ŋkeke adre; eye ale mieva Roma.


Paulo kple Timoteo, Yesu Kristo ƒe dolawo, ŋlɔ ɖo ɖe ame kɔkɔe, siwo katã le Kristo Yesu me le Filipi la, kple dzikpɔlawo kple subɔlawo hã:


ke boŋ wònye míekpe fu, eye wodo vlo mi le Filipi tsã hafi, abe alesi mienyae ene, gake míekpɔ dzideƒo le mía Mawu me hegblɔ eƒe nyanyuie la fia mi le ʋiʋli geɖe me.


Ne egbɔna la, tsɔ awu ʋlaya, si megblẽ ɖe Troa ɖe Karpo gbɔ la, kple agbalẽawo ɖe asi vɛ, vevietɔ lãgbalẽ la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa