Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 20:30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 eye le mia ŋutɔwo dome la ŋutsu, siwo gblɔa nya dàdawo la, latsi tre, be woahe nusrɔ̃lawo de wo ɖokui yome.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

30 Mia dometɔ aɖewo hã ate kpɔ atrɔ nyateƒe la bubue be amewo nadze yewo yome.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 20:30
23 Mawu Ofanana  

Ame dahe, si fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o la, nyo wu amesi alakpa le eƒe nuƒoƒo me, eye wonye bometsila.


Wò ŋkuwo akpɔ nu tutɔwo, eye wò dzi anɔ nya baɖawo gblɔm.


Elabena ʋu ƒo asi na mi, eye vodada le míaƒe asibidewo ŋu, miaƒe nuyiwo daa alakpa, eye miaƒe aɖewo gblɔa nya tovo.


Le woƒe alɔ ƒe toyiyi me la woaxɔ na wo vie, eye ame geɖewo atsɔ numevivi aku ɖe wo ŋu.


Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, elabena mietsana le ƒu kple anyigba dzi bena miawo trɔ̃subɔla ɖeka wòazu Yudatɔ, eye ne ezui la, ekema miewɔe dzomavɔʋe ƒe vi, si wu mia ŋutɔwo zi eve.


Eye wòva me bena, ƒe blibo ɖeka woƒo ƒu le hame la me, eye wofia nu ameha gãa ɖe, eye bena Antioxia woyɔ nusrɔ̃lawo le gbã be kristotɔwo.


Ekema menye wòe nye Egiptetɔ ma, amesi na zi ta le ŋkeke siawo me, eye wòkplɔ hlɔ̃dola akpe ene yi gbedzi la oa?


Elabena nenem me siawo nye aʋatso-apostolowo, dɔwɔla, siwo blea ame, amesiwo trɔa wo ɖokui woa Kristo ƒe apostolowo.


Eye wosrɔ̃a kuviawɔwɔ hã henɔa tsatsam tso aƒe me yi aƒe me; eye menye, kuvia ɖeɖeko wowɔna o, ke boŋ wonye nu kpoloe ƒolawo kple yakanuwɔlawo hã henɔa nya madzetowo gblɔm.


kple nyahehe dzodzro vɛ le ame tamegbegblẽtɔ, siwo si woha nyateƒe le amesiwo buna bena, mawusubɔsubɔ enye viɖenu la dome. Te ɖokuiwò ɖa le nenem me siawo gbɔ.


Elabena esi wogblɔ yakanya lolo gãwo la, wotsɔ ŋutilã ƒe nudzodzrowo kple hadzedze vɔ̃wo ble amesiwo si fifi laa tso mɔtrelawo gbɔ.


Mia dome wodo tso; gake womenye mía dometɔwo o; elabena ɖe wònye mía dometɔwo wonye la, anye ne woanɔ mía gbɔ ɖaa; ke ɖe wodo, bene woaɖe wo afia bena, menye wo katãe nye mía dometɔwo o.


Elabena ameblela geɖe, siwo meʋua me bena, Yesu Kristo va le ŋutilã me o la, do go yi ɖe xexeame. Esiae nye ameblela kple Kristo ƒe futɔ la.


Gake esia le asiwò bena, nèléa fu nikolaitɔwo ƒe nuwɔwɔ, siwo nye hã meléa fui la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa